Ezequiel 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nyagblɔɖi ɖe Amonitɔwo ŋu
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. 3Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la, 4matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi. 5Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. 6Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la, 7mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Moabtɔwo ŋu
8“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la, 9maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi. 10Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o, 11eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Edomtɔwo ŋuti
12Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la, 13ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan. 14Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Nyagblɔɖi ɖe Filistitɔwo ŋuti
15“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la, 16ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu. 17Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”

¿Sabías que…?
Juicios contra las Naciones Vecinas
- Amón se situaba al oriente del río Jordán y tenía a Rabá como su ciudad principal. Ezequiel profetizó que, por haberse burlado de la caída de Jerusalén y de la profanación del santuario, su territorio y su capital serían entregados a tribus nómadas del oriente como pastizales para camellos y ovejas.Fuentes: el propio texto bíblico · Ammon · Rabbah · East
- Las regiones vecinas de Moab y el monte Seir —la tierra montañosa habitada por los descendientes de Esaú— fueron reprendidas por asegurar que Judá era igual a todas las demás naciones. Ezequiel advirtió que sus ciudades fronterizas quedarían desprotegidas y pasarían a posesión de pueblos del oriente.Fuentes: el propio texto bíblico · Moab · Seir · Esau (Edom)
- El capítulo concluye con juicios divinos contra Edom y los filisteos, condenando a ambos pueblos por actuar con una antigua hostilidad y tomar venganza maliciosa contra Judá en su momento de calamidad.Fuentes: el propio texto bíblico · Edom
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 2, 3, 5, 10
- East · Hoy: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículos 4, 10
- Rabbah · Hoy: Amman · 31.955, 35.934 · versículo 5
- Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 8, 9, 10, 11
- Edom · 30.746, 35.604 · versículos 12, 13, 14
- Philistia · 31.664, 34.546 · versículo 15
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org