Ezequiel 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Wobu fɔ legbasubɔlawo
1Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. 2Tete Yehowa ƒe nya va nam be, 3“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã? 4Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu. 5Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’
6“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’
7“ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ. 8Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’
9“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel. 10Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo. 11Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
Ʋɔnudɔdrɔ̃ si nu womate ŋu asi le o
12Yehowa ƒe nya va nam be, 13“Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo, 14nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15“Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la, 16Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe.
17“Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, 18Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe.
19“Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, 20Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye.
21“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa! 22Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta. 23Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

¿Sabías que…?
Idolatría en el Corazón y Responsabilidad Personal
- Cuando los ancianos de Israel acudieron a Ezequiel para consultar al Señor, se le reveló al profeta que habían puesto ídolos en sus corazones. El texto señala que tanto quien consulta con hipocresía como el profeta que se deja engañar comparten la misma culpa, llamando a la casa de Israel a un arrepentimiento interior genuino.Fuentes: el propio texto bíblico
- Ezequiel menciona a Noé, Daniel y Job como modelos sobresalientes de rectitud e integridad. Ante el juicio sobre una tierra infiel, el pasaje subraya la responsabilidad individual: ni siquiera la justicia de estos tres hombres célebres podría librar a sus hijos o hijas, sino únicamente a ellos mismos.Fuentes: el propio texto bíblico · Job · Noah · Daniel
- El capítulo detalla cuatro castigos severos dirigidos contra una tierra infiel: hambre, bestias salvajes, espada y peste. Al sobrevenir estas calamidades sobre Jerusalén, la conducta de los sobrevivientes desterrados serviría como testimonio de que la destrucción de la ciudad no fue sin motivo.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org