Nations Bible

Ester 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yudatɔwo ɖu dzi

1Le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, wowɔ ɖe se si fia la de la dzi. Le ŋkeke sia dzi la, Yudatɔwo ƒe futɔwo kpɔ mɔ be yewoaɖu wo dzi, gake azɔ la, nuwo trɔ bubui, eye Yudatɔwo ƒe alɔ yi dzi ɖe ame siwo lé fu wo la ŋu. 2Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe du vovovo siwo me wonɔ la me le nuto siwo katã nɔ Fia Ahasuerus ƒe dziɖuɖu te la me be woawɔ avu kple ame siwo katã nɔ woƒe gbegblẽ dim. Ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o, elabena ame siwo tso gbegbɔgblɔ bubuwo me la nɔ vɔvɔ̃m na wo. 3Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã. 4Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi.

5Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo. 6Le Susa mɔ gã la me la, Yudatɔwo wu, eye wotsrɔ̃ ŋutsu alafa atɔ̃. 7Wowu Parsandata, Dalfon, Aspata, 8Porata, Adalia, Aridata, 9Parmasta, Arisai, Aridai kple Vaizata, 10ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o.

11Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus. 12Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ (500) sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.”

13Ale Ester gblɔ be, “Ne edze ŋuwò la, ekema nàɖe mɔ be Yudatɔ siwo le Susa le afii la, nagawɔ nu si wowɔ egbe la etsɔ hã, eye nàna woatsi Haman ƒe viŋutsuwo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.”

14Fia la lɔ̃, woɖe gbeƒã se si ɖe mɔ le nu sia ŋu la le Susa. Ale wotsi Haman ƒe viŋutsu ewoawo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu. 15Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o.

16Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃ (75,000), gake womeha woƒe nuwo o. 17Wowɔ nu sia le nutoawo me le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. Le ŋkeke wuienea gbe la, wodzudzɔ wo ɖokuiwo, eye wowɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.

Purim ŋkekenyui la ɖuɖu

18Ke Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti la ƒe ŋkeke wuietɔ̃a kple wuienea gbe, eye wodzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke wuiatɔ̃a gbe hewɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.

19Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi.

20Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me. 21Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi. 22Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã.

23Ale Yudatɔwo lɔ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu. 24Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ, ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo, eye woka nu kple pur be yeagblẽ wo dome, atsrɔ̃ wo, 25gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo, 26eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur. Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la, 27Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o. 28Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o.

29Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi. 30Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame. 31Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia. 32Ale Ester ƒe sedede ɖo kpe ŋkeke sia dzi, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me.

¿Sabías que…?

El origen de Purim y la liberación de los judíos

  • La fiesta de Purim recibe su nombre de la palabra pur, que significa suerte, en referencia a la suerte echada por Amán para fijar el día de la destrucción del pueblo judío. Mardoqueo y la reina Ester instituyeron la conmemoración anual los días catorce y quince de Adar para celebrar la liberación con banquetes, regocijo, intercambio de alimentos y dones a los pobres.Fuentes: el propio texto bíblico · Haman · Mordecai
  • El relato bíblico subraya en tres ocasiones distintas que los judíos no tocaron el botín durante los enfrentamientos. Esto demostraba que su lucha fue exclusivamente para defender sus vidas y no con fines de lucro material.Fuentes: el propio texto bíblico
  • En las provincias reales, los judíos se defendieron el trece de Adar y descansaron el catorce, mientras que en la ciudadela de Susa la lucha continuó un día más, descansando ellos el quince. Por esta razón, ambos días quedaron establecidos como parte de la celebración anual.Fuentes: el propio texto bíblico · Susa

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Susa · Hoy: Shush · 32.189, 48.258 · versículos 6, 11, 12, 13, 14, 15, 18

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.