Ester 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Wode bubu Mordekai ŋu
1Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ. 2Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya.
3Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?”
Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!”
4Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu.
5Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.”
Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.”
6Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?”
Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?” 7Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la, 8fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ. 9Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ”
10Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”
11Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”
12Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo. 13Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”
14Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu.

¿Sabías que…?
La honra de Mardoqueo y la humillación de Amán
- En la corte persa, los escribas registraban los acontecimientos diarios y los servicios al reino en las crónicas reales oficiales. Cuando el rey Asuero no pudo dormir y ordenó que le leyeran estos anales, descubrió que Mardoqueo nunca había recibido honra ni recompensa por haber denunciado la conspiración de los guardias Bigtán y Teres.Fuentes: el propio texto bíblico · Bigthana · Teresh
- Las distinciones que propuso Amán—vestir una túnica usada por el propio monarca y montar el caballo real conducido por la plaza pública por un noble principal—constituían las máximas señales de favor persa. Amán ideó estos honores pensando que eran para él, pero el rey le ordenó otorgárselos a Mardoqueo.Fuentes: el propio texto bíblico · Haman
- Amán había ido al patio del palacio con la intención de pedirle al rey que ahorcara a Mardoqueo en la horca preparada para él. Sin embargo, tras verse obligado a pasear a Mardoqueo en triunfo, regresó a su casa abatido, donde su esposa Zeres y sus consejeros le advirtieron que caería irremediablemente ante él.Fuentes: el propio texto bíblico · Zeresh · Haman
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org