Ester 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Mordekai ɖe kuku na Ester be wòana kpekpeɖeŋu
1Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe. 2Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o. 3Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta.
4Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o. 5Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae.
6Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo. 7Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. 8Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.
9Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ. 10Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be, 11“Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”
12Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai, 13eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã? 14Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”
15Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: 16“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”
17Ale Mordekai wɔ nu si Ester ɖo nɛ.

¿Sabías que…?
La Decisión de Ester de Interceder por su Pueblo
- Al enterarse del decreto contra los judíos, Mardoqueo se vistió de cilicio y ceniza, pero la ley real prohibía estrictamente que cualquier persona con vestiduras de luto cruzara la puerta del rey.Fuentes: el propio texto bíblico
- Como la reina Ester residía en el palacio real y Mardoqueo permanecía afuera en ropas de duelo, la comunicación entre ambos se llevó a cabo a través de Hatac, un eunuco real asignado al servicio de la reina.Fuentes: el propio texto bíblico · Hatach
- La ley de la corte persa dictaminaba que toda persona que se presentara ante el rey en el patio interior sin haber sido convocada debía morir, a menos que el monarca le extendiera el cetro de oro para salvarle la vida.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org