Efesios 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Agbegbɔgbɔ to Kristo me
1Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃ 2siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta. 3Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.
4Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la 5na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie. 6Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, 7be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me.
8Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, 9menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. 10Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Míenye ame ɖeka le Kristo me
11Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la, 12miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o. 13Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me.
14Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa. 15To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome, 16eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la. 17Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la. 18To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.
19Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, 20siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. 21Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. 22Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.

¿Sabías que…?
Vivificados y acercados
- Efesios 2 se dirige a lectores que estaban muertos en sus transgresiones y pecados, conformándose a los caminos de este mundo y al gobernante del poder del aire. Dice que Dios, rico en misericordia, les dio vida con Cristo, los resucitó con él y los sentó con él en los lugares celestiales, y que han sido salvados por gracia mediante la fe, no por sí mismos, sino como don de Dios, y no por obras, para que nadie se gloríe.Fuentes: el propio texto bíblico
- Efesios 2 recuerda a los lectores que son gentiles en la carne que eran llamados incircuncisos por la así llamada circuncisión, que el capítulo describe como hecha en el cuerpo por manos humanas. Dice que en aquel tiempo estaban separados de Cristo, alienados de la ciudadanía de Israel y extraños a los pactos de la promesa, sin esperanza y sin Dios en el mundo.Fuentes: el propio texto bíblico
- Efesios 2 llama al mismo Cristo nuestra paz: él hizo de los dos uno solo y derribó el muro divisorio de la hostilidad, aboliendo en su carne la ley de los mandamientos y decretos, para crear en sí mismo un hombre nuevo y reconciliar a ambos con Dios en un solo cuerpo. Él anunció paz a los que estaban lejos y a los que estaban cerca, y por medio de él ambos tienen acceso al Padre por un solo Espíritu. Los lectores ya no son extraños ni extranjeros, sino conciudadanos de los santos y miembros de la familia de Dios, edificados sobre los apóstoles y los profetas, con Cristo Jesús como piedra angular, y en él también ellos están siendo edificados juntos como un templo santo, morada de Dios en su Espíritu.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org