Nations Bible

Deuteronomio 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Mègaŋlɔ Yehowa be o

1“Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo. 2Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi. 3Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me. 4To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o. 5Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene.

6“Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e, 7elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le. 8Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi. 9Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me. 10Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta.

11“Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o. 12Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo, 13miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la, 14ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o. 15Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me! 16Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi. 17Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o. 18Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi. 19Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo, 20abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Recordando a Dios en la Buena Tierra

  • Moisés recordó a los israelitas sus cuarenta años de travesía por un desierto arduo, lleno de serpientes venenosas, escorpiones y sequía. Durante este tiempo de prueba, Dios los sustentó con maná y agua de la roca de pedernal, y sus ropas no se desgastaron ni sus pies se hincharon.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La Tierra Prometida se describe no solo por sus manantiales y arroyos de agua, sino también por siete productos agrícolas principales: trigo, cebada, vides, higueras, granadas, aceite de oliva y miel, junto con yacimientos minerales de hierro y cobre.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El capítulo incluye una seria advertencia contra el orgullo que surge de la prosperidad. Moisés advirtió al pueblo que, tras construir buenas casas, multiplicar rebaños y acumular plata y oro, podrían olvidar su liberación de la esclavitud en Egipto y atribuir las riquezas a sus propias fuerzas.Fuentes: el propio texto bíblico · Egypt

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 14

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.