Deuteronomio 31
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yosua xɔ ɖe Mose teƒe
1Esi Mose wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, 2egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o. 3Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene. 4Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. 5Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene. 6Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.”
7Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la. 8Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.”
Seawo xexlẽ
9Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã. 10Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi, 11esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.”
12Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi. 13Wɔ esia ale be miaƒe ɖevi sue siwo menya se siawo o la, woase wo, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkeke ale si mianɔ ŋugbedodonyigba la dzi.”
Nyagblɔɖi tso Israel ƒe aglãdzedze ŋu
14Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.
15Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu, 16eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me. 17Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ 18Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta.
19“Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene. 20Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me, 21eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.” 22Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo.
23Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”
24Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la, 25eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be, 26“Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi 27elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe? 28Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu. 29Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.”
Mose ƒe hadzidzi
30Le esia megbe la, Mose gblɔ ha sia me nyawo katã na Israelviwo ƒe ha blibo la be:

¿Sabías que…?
La transición del liderazgo y la Ley
- A los 120 años de edad, Moisés anunció que no podría cruzar el río Jordán y presentó públicamente a Josué, hijo de Nun, como su sucesor para guiar al pueblo hacia la tierra prometida.Fuentes: Moses · Joshua · Nun · el propio texto bíblico
- Moisés ordenó que cada siete años, durante el año de remisión de deudas en la Fiesta de los Tabernáculos, se leyera toda la ley en voz alta ante todos los hombres, mujeres, niños y extranjeros.Fuentes: el propio texto bíblico
- Tras completar el texto escrito de la ley, Moisés instruyó a los sacerdotes levitas que transportaban el Arca del Pacto a colocar el rollo junto al arca como testimonio permanente.Fuentes: Levi (patriarch) · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org