Nations Bible

Deuteronomio 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Se le ameƒoƒo ŋuti

1“Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o. 2Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la. 3Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume.

4“Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.”

Se le ame nɔvi ƒe ahosiɖeɖe ŋuti

5“Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ. 6Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o. 7Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’

8“Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la, 9ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’ 10Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’

11“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la, 12ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.”

Sewo le nudzidzenuwo ŋuti

13“Nudakpe eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede tututu o la, meganɔ kotoku me na wò o. 14Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o. 15Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. 16Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume.

17“Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o. 18Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o, 19eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”

¿Sabías que…?

Justicia, Linaje Familiar y Memoria

  • Los azotes judiciales estaban estrictamente limitados a un máximo de cuarenta golpes. La restricción buscaba evitar una humillación excesiva y asegurar que el infractor no fuera envilecido ante la comunidad.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La costumbre del matrimonio de levirato exigía que un hombre se casara con la viuda sin hijos de su hermano fallecido para preservar su nombre y heredad. Si él se rehusaba, la viuda le quitaba públicamente la sandalia y le escupía en el rostro ante los ancianos en la puerta de la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Los amalecitas eran una tribu pastoral nómada que habitaba la región árida al sur de Canaán. Se ordenó a Israel borrar la memoria de Amalec porque atacaron a los rezagados exhaustos en la retaguardia del pueblo durante su travesía desde Egipto.Fuentes: el propio texto bíblico · Amalek

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículos 17, 19
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 17

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.