Nations Bible

Deuteronomio 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nuwo dzɔdzɔ na nunɔlawo kple Levitɔwo

1“Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii. 2Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo! 3Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo. 4Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti, 5elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime.

6“Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la, 7ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene. 8Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.”

Nu madzemadzewo wɔwɔ

9“Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o. 10Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala, 11busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o. 12Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa. 13Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.”

Nyagblɔɖila la

14Dukɔ siwo katã ƒe teƒe nàxɔ la ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ na wò ya be nàwɔ nu mawo o. 15Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia, 16elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o.

17Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo. 18Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo. 19Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o. 20Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.”

21Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?” 22Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.

¿Sabías que…?

Sustento Levítico y Verdadera Profecía

  • A diferencia de las otras tribus de Israel, la tribu de Leví no recibió herencia territorial de tierras. En su lugar, los sacerdotes y levitas se sustentaban con porciones asignadas de los sacrificios—incluyendo la espaldilla, las quijadas y el cuajar—y con ofrendas de primicias de grano, vino nuevo, aceite y lana esquilada.Fuentes: el propio texto bíblico · Levi (patriarch)
  • La prohibición de la adivinación, la hechicería y la consulta a los muertos contrastaba directamente con la promesa de un profeta levantado de entre los israelitas. Esta función recordaba la asamblea en Horeb, donde el pueblo pidió a Moisés que mediara para no oír directamente la voz de Dios desde el fuego.Fuentes: el propio texto bíblico · Horeb
  • Para distinguir a los mensajeros auténticos de los falsos o presuntuosos, el texto ofrecía una prueba práctica: si un mensaje pronunciado en el nombre del SEÑOR no se cumplía ni acontecía, no procedía de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Mount Horeb · Hoy: Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 16

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.