Nations Bible

Daniel 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Daniel ƒe gbedodoɖa

1Le Ahasuerus (Mediatɔ ƒe vi), Darius, ame si wotsɔ ɖo fiae ɖe Babilonia fiaɖuƒea nu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, 2nye Daniel, mese egɔme tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me, tso nya si Yehowa tsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia me, be Yerusalem ƒe aƒedozuzu anɔ anyi ƒe blaadre. 3Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me.

4Medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu eye meʋu nye nu vɔ̃ me be,

“O Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi na ame siwo katã lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi, 5míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti. 6Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o.

7“Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta. 8O Yehowa, ŋukpe lé mí, míaƒe fiawo, míaƒe dumegãwo kple mía fofowo le ale si míeda vo ɖe ŋuwò la ta. 9Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã. 10Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o. 11Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 12Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o. 13Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o. 14Yehowa mehe ɖe megbe le dzɔgbevɔ̃e la hehe va mía dzi me o elabena Yehowa, míaƒe Mawu la dzɔdzɔetɔe wònye le nu sia nu si wòwɔna la me gake míeɖo toe o.

15“Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. 16O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí.

17“Azɔ, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo. Le wò ŋutɔ ta, O Aƒetɔ, kpɔ wò Kɔkɔeƒe si zu aƒedo la ɖa kple amenuveve. 18Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. 19O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”

“Kwasiɖa Blaadrewo”

20Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta 21eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi. 22Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò. 23Esime nèdze gbedodoɖa gɔme teti ko la, wona ŋuɖoɖo aɖe si meva be magblɔ na wò elabena wobua wò ŋutɔ eya ta bu gbedeasi la ŋu eye nàse ŋutega la gɔme:

24“Woɖo Kɔsiɖa blaadre na wò amewo kple wò du kɔkɔe la be miawu sedzidada nu, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, woalé avu ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, woatsɔ dzɔdzɔenyenye mavɔtɔ vɛ, woatre ŋutegawo kple nyagblɔɖiwo nu eye woasi ami na kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la.

25“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi. 26Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti. 27Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La oración de Daniel y las setenta semanas

  • Daniel comprendió, a través de los escritos sagrados con la profecía de Jeremías, que la desolación de Jerusalén duraría setenta años. Esto lo impulsó a buscar a Dios con profunda intercesión, ayuno, cilicio y ceniza, confesando los pecados de su pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico · Jeremiah
  • Mientras Daniel oraba a la hora del sacrificio de la tarde, el ángel Gabriel —cuyo nombre significa "Campeón de Dios"— se le acercó para darle entendimiento. Gabriel le comunicó la profecía de las "setenta semanas" decretadas para la ciudad santa y su pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico · Gabriel
  • En su oración de confesión, Daniel reconoció que la calamidad sobre Jerusalén y la dispersión del pueblo cumplían directamente el juramento y la maldición escritos en la Ley de Moisés.Fuentes: el propio texto bíblico · Moses

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 7, 12, 16, 20, 25
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 15
  • Most Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 24

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.