Daniel 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Le Midiatɔ, Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, meɖoe ɖokuinye dzi be made megbe nɛ eye makpɔ eƒe agbe ta.
Dziehefiawo kple anyigbemefiawo
2“Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu. 3Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu. 4Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.
5“Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. 6Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
7“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi. 8Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo. 9Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me. 10Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.
11“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi. 12Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o, 13elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.
14“Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o. 15Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o. 16Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu. 17Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o. 18Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu. 19Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o.
20“Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o.
21“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi. 22Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa. 23Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi. 24Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe.
25“Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta. 26Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa. 27Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi. 28Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
29“Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o 30elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.
31“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi 32eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe.
33“Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã. 34Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu. 35Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.
Fia si do eɖokui ɖe dzi
36“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu. 37Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã. 38Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue. 39Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta.
40“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene. 41Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me. 42Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o. 43Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta 44gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo. 45Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”

¿Sabías que…?
Los Reyes del Norte y del Sur
- El capítulo comienza con el pronóstico de gobernantes persas que provocan conflictos contra el reino de Grecia, seguidos por un monarca poderoso cuyo vasto imperio se divide rápidamente en cuatro reinos distintos en lugar de pasar a sus descendientes.Fuentes: el propio texto bíblico · Persia · Greece
- La profecía describe generaciones de guerras, tratados y alianzas matrimoniales entre los reinos del Norte y del Sur, que culminan en un gobernante engañoso que profana la fortaleza del templo y suprime el sacrificio diario.Fuentes: el propio texto bíblico · Egypt
- En medio de amplias campañas militares por la región y hacia Egipto, los territorios vecinos identificados como Edom y Moab son señalados como libres del alcance del invasor.Fuentes: el propio texto bíblico · Edom · Moab
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Greece · 37.972, 23.727 · versículo 2
- Persia · 34.806, 48.516 · versículo 2
- South · Hoy: South 3 · 31.183, 29.896 · versículos 5, 6, 7, 9, 11, 12, 14, 15, 17, 25, 29, 40
- North · 36.227, 36.172 · versículos 6, 7, 8, 9, 11, 13, 15, 16, 28, 40
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 8, 42, 43
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 16, 41
- Kittim · Hoy: Cyprus · 35.000, 33.000 · versículo 30
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 41
- Edom · 30.746, 35.604 · versículo 41
- Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 41
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org