Nations Bible

Amós 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Ʋetsuviwo, dzo kple dzidzeka

1Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe. 2Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”

3Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti.

Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.”

4Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã. 5Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?

6Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti,

Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.”

7Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi. 8Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?”

Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.”

Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.

9“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo,

Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo,

eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”

Amos kple Amazia

10Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o. 11Amos le gbɔgblɔm be,

“ ‘Yeroboam atsi yi nu

eye woaɖe aboyo Israel,

akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ”

12Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu. 13Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”

14Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye, 15gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’ 16Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be,

“ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o,

eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’

17“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò,

“ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la,

srɔ̃wò azu gbolo le du sia me,

woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi;

woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae.

Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi,

eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me

le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Visiones de Juicio y el Enfrentamiento en Betel

  • A diferencia de los profetas oficiales de su época, Amós era un pastor y cultivador de higos de sicómoro procedente de Tecoa, en Judá. Afirmó que no provenía de una corporación profética, sino que Dios lo llamó directamente mientras cuidaba el rebaño para profetizar en el reino del norte.Fuentes: el propio texto bíblico · Amos
  • Betel funcionaba como un santuario real clave para el reino de Israel, donde los reyes sostenían cultos estatales. Amasías, sacerdote de ese lugar durante el reinado de Jeroboam II, interpretó los mensajes de Amós como conspiración política y le ordenó huir a Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · Amaziah · Jeroboam · Bethel (of Palestine)
  • Aunque el reinado de Jeroboam II trajo notable expansión territorial y prosperidad económica a Israel, las visiones de Amós anunciaron que la ruina de los santuarios y el exilio del pueblo eran inminentes.Fuentes: el propio texto bíblico · Jeroboam

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.