Amós 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Konyifafa kple yɔyɔ na dzimetɔtrɔ
1“O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:
2“Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o.
Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,
eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,
3elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be,
‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la,
ame alafa ɖeka koe agbɔ,
eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la
ame ewo koe agbɔ.’ ”
4Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be,
“Midim, ne mianɔ agbe.
5Migati legba siwo le Betel,
Gilgal alo Beerseba yome o,
elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo,
eye Betel atsrɔ̃.”
6Midi Yehowa ne mianɔ agbe,
ne menye nenema o la;
miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi,
afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.
7O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese,
eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!
8Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui,
avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli,
eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã.
Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be
wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi.
Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
9Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la,
enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi,
eye wògbãa eƒe gli sesẽwo.
10Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu,
eye miele fu nyateƒetola.
11Esi miefanya ame dahewo kple afɔ,
eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la,
mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me
alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.
12Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ.
Menya wo katã nyuie.
Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu,
eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe,
13eya ta ame siwo nye nunyalawo la,
azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me,
elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye.
14Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe!
Ekema Yehowa,
Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si
miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.
15Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui.
Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo.
Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la,
akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.
16Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi.
Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi;
miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.
17Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me,
elabena mava to afi ma akaka agbleawo.”
Yehowae gblɔe.
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke
18Baba na mi, ame siwo tsi dzi
ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti.
Nu ka ta mietsi dzi ɖe
Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo?
Ŋkeke ma anye viviti,
manye kekeli o.
19Le ŋkeke ma dzi la,
mianɔ abe ame si
si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene,
eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui.
20Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti,
eye menye kekeli oa?
Ɖe menye blukɔe wònye,
eye keklẽ mele eme oa?
21“Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo.
Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo
kple ŋkekenyuiwo ase o.
22Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la,
nyemaxɔ wo o.
Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la,
nyemanye kɔ akpɔ wo o.
23Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye,
wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!
24Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,
eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!
25“O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na
esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ?
26Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu
siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi,
27eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.”
Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.

¿Sabías que…?
Un Llamado a la Justicia y Lamentación
- Amós instó al reino del norte de Israel a no buscar antiguos centros de peregrinación como Betel, Gilgal o Berseba, advirtiendo que estos santuarios no los librarían de la ruina. Betel y Gilgal eran destacados centros históricos de culto, mientras que Berseba se encontraba en el sur, pero el profeta insistió en que los rituales en estos lugares carecían de valor sin obediencia moral.Fuentes: el propio texto bíblico · Bethel (of Palestine) · Gilgal · Beersheba
- En las antiguas ciudades israelitas, la puerta de la ciudad servía como el principal centro cívico y judicial donde se resolvían disputas legales y los ancianos administraban justicia. Amós denunció a las élites por aceptar sobornos, silenciar a testigos íntegros y despojar de sus derechos a los pobres en estos juicios.Fuentes: el propio texto bíblico
- La advertencia de que Israel sería llevado al exilio más allá de Damasco señalaba una inminente derrota y deportación al noreste de la antigua capital siria. Damasco era una destacada potencia política y comercial al norte de Jerusalén, y representaba una referencia geográfica clave para las invasiones norteñas.Fuentes: el propio texto bíblico · Damascus
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 27
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org