Hechos 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Anania kple Safira
1Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe, 2ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã.
3Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo? 4Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”
5Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la. 6Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi.
7Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. 8Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?”
Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.”
9Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”
10Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
Apostoloawo yɔ dɔ ame geɖewo
12Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. 13Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me. 15Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi. 16Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Woti Apostoloawo yome
17Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã. 18Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
19Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”
21Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme.
Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. 22Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23“Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
24Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.
26Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo. 27Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.
28Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”
29Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti. 31Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel. 32Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.”
33Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.
Gamaliel ƒe aɖaŋu
34Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.
35Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o. 37Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
38Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu. 39Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”
40Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
41Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.

¿Sabías que…?
Engaño, prodigios y el Sanedrín
- Ananías, miembro de la iglesia de Jerusalén, y su esposa Safira, cuyo nombre significa hermosa, vendieron un terreno y, con conocimiento de ella, se quedaron con parte del precio mientras llevaban el resto a los apóstoles. Él podría haber conservado la propiedad; Pedro le recordó que seguía a su disposición tanto antes como después de la venta. La falta fue la mentira: él afirmó haberlo entregado todo, Safira confirmó el precio falso, y ambos murieron; ella compartió su culpa y su castigo.Fuentes: Ananias (Husband of Sapphira) · Sapphira · el propio texto bíblico
- Los creyentes se reunían de común acuerdo en el Pórtico de Salomón, donde los apóstoles realizaban muchas señales y prodigios. Esa columnata estaba probablemente en el lado oriental del templo. No se menciona en relación con el primer templo, aunque Josefo se refiere a un pórtico de ese nombre en el templo de Herodes.Fuentes: Solomon's Portico · el propio texto bíblico
- Cuando el sumo sacerdote y sus compañeros, que pertenecían al partido de los saduceos, hicieron arrestar a los apóstoles, un fariseo llamado Gamaliel se levantó en el Sanedrín. Es descrito como maestro de la ley, honrado por todo el pueblo, hijo del rabino Simeón y nieto del famoso rabino Hilel, y como adversario de los saduceos; instó al consejo a dejar en paz a esos hombres. Señaló a Teudas, que había encabezado una insurrección contra la autoridad romana y, según el relato de Gamaliel, reunió a unos cuatrocientos hombres antes de que el levantamiento quedara en nada —fuera de eso, no se sabe nada más de Teudas— y a Judas el galileo, que pereció en los días del censo.Fuentes: Gamaliel · Theudas · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Solomon’s Portico · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 12
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 16, 28
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 37
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org