Nations Bible

Hechos 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Wodrɔ̃ ʋɔnu Paulo le Mɔmefia Felix ŋkume

1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo. 2Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o. 3Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta. 4Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu.

5“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã. 6Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi. 7Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe 8eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”

9Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.

10Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu.

Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò. 11Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. 12Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. 13Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o. 14Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se. 15Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me, 16eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”

17Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã. 18Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. 19Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi. 20Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ 21medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’ ”

22Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me. 23Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.

24Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie. 25Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee. 26Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii.

27Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Pablo ante Félix

  • El sumo sacerdote Ananías bajó con algunos ancianos y un abogado llamado Tértulo, a quien el Diccionario Bíblico de Easton describe como un abogado romano empleado por los judíos para exponer su causa contra Pablo ante Félix. Tértulo elogió al gobernador y luego dijo que Pablo era una peste que provocaba disensión entre los judíos por todo el mundo, cabecilla de la secta de los nazarenos y un hombre que había intentado profanar el templo. El diccionario relaciona ese elogio inicial con la limpieza que Félix hizo del país, al expulsar a bandidos e impostores.Fuentes: el propio texto bíblico · Tertullus · Felix
  • Félix, que estaba bien informado acerca del Camino, aplazó la audiencia y mantuvo a Pablo bajo guarda, aunque le permitió cierta libertad y dejó que sus amigos atendieran sus necesidades. El relato dice que esperaba que Pablo le ofreciera un soborno y por eso lo mandaba llamar con frecuencia; el Diccionario Bíblico de Easton también afirma que al parecer esperaba un soborno y, por ello, tuvo varias entrevistas con él. Después de dos años lo sucedió Porcio Festo —el Diccionario Bíblico de Easton (1897) fecha ese nombramiento en el año 60 d. C.— y, queriendo hacer un favor a los judíos, Félix dejó a Pablo en prisión.Fuentes: el propio texto bíblico · Felix · Portius Festus
  • Unos días después, Félix regresó con su esposa Drusila, que era judía, y escuchó a Pablo hablar de la fe en Cristo Jesús y de la justicia, el dominio propio y el juicio venidero; Félix se asustó y lo despidió. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) identifica a Drusila como la tercera y la más joven hija de Herodes Agripa I y dice que Félix la indujo a dejar a su esposo, Azizus, rey de Emesa. La misma entrada dice que ella y su hijo perecieron en la erupción del monte Vesubio en el año 79 d. C.Fuentes: el propio texto bíblico · Drusilla

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Caesarea · Hoy: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículo 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 11, 17
  • Asia · 38.400, 28.300 · versículo 18

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.