Nations Bible

Hechos 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Paulo gatrɔ yi Makedonia

1Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia. 2Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki. 3Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ.

4Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.

5Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa. 6Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.

Paulo fɔ Eutiko tso ku me le Troa

7Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. 8Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. 9Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake. 10Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” 11Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ. 12Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

Paulo kla Efeso Hame la

13Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. 14Eva tu mí le Aso, eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. 15Tso afi ma la, míeva to Kios ŋu, va to Samo, eye mlɔeba la, míeva ɖo Mileto esi ŋu ke.

16Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. 17Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me. 18Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia. 19Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” 20Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. 21Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.

22“Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. 23Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. 24Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.

25“Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o. 26Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, 27elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. 28Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo. 29Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu. 30Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome. 31Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.

32“Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. 33Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. 34Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. 35Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”

36Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. 37Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi, 38vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Despedida camino a Jerusalén

  • Al salir de Troas, Pablo envió a sus compañeros por delante en el barco y caminó hasta Assos por el camino romano. Assos era un puerto de la Asia proconsular, en Misia, en la costa norte del golfo de Adramitio; el trayecto a pie era de unas 20 millas, el de mar de unas 30, y la isla de Lesbos quedaba a unas 7 millas de la costa.Fuentes: el propio texto bíblico · Assos
  • Pablo pasó de largo frente a Éfeso para no demorarse en la provincia de Asia —la provincia romana del oeste de Asia Menor, cuya capital era Éfeso—, porque esperaba, si era posible, llegar a Jerusalén para el día de Pentecostés. Se detuvo en Mileto, un puerto y la antigua capital de Jonia, a unas 36 millas al sur de Éfeso, y mandó llamar a los ancianos de la iglesia de Éfeso.Fuentes: el propio texto bíblico · Asia · Miletus
  • Siete hombres viajaban con él: Sópater de Berea, Aristarco y Segundo de Tesalónica, Gayo de Derbe, Timoteo, y Tíquico y Trófimo de Asia. Aristarco, de Tesalónica, más tarde compartió el encarcelamiento de Pablo en Roma, y Trófimo, efesio, lo acompañó en esta parte del viaje y estuvo con él en Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Aristarchus · Trophimus

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Macedonia · 41.600, 22.540 · versículos 1, 3, 6
  • Greece · 37.972, 23.727 · versículo 2
  • Syria · Hoy: Syria 2 · 33.511, 36.306 · versículo 3
  • Asia · 38.400, 28.300 · versículos 4, 16, 18
  • Berea · Hoy: Veria · 40.518, 22.200 · versículo 4
  • Thessalonica · Hoy: Thessaloniki · 40.638, 22.946 · versículo 4
  • Troas · Hoy: Alexandria Troas · 39.752, 26.159 · versículos 5, 6
  • Philippi · 41.012, 24.285 · versículo 6
  • Assos · 39.491, 26.337 · versículos 13, 14
  • Mitylene · Hoy: ancient theater at Mitylene · 39.110, 26.547 · versículo 14
  • Chios · 38.373, 26.137 · versículo 15
  • Miletus · 37.531, 27.276 · versículos 15, 17
  • Samos · 37.750, 26.833 · versículo 15
  • Trogyllium · Hoy: Cape Mycale · 37.659, 27.003 · versículo 15
  • Ephesus · 37.939, 27.341 · versículos 16, 17
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 16, 22

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.