Nations Bible

Hechos 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo. 2Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.” 3Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi.

4Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. 5Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene.

6Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila. 7Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya. 8Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o. 9Ke Saulo, ame si wogayɔna be Paulo, si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũu la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku, eye wòblu ɖe eta be, 10“Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu? 11Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.”

Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye. 12Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta.

Paulo kple Barnabas woɖo Antioxia si le Pisidia

13Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem. 14Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me.

Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. 15Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”

16Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!

17“Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe. 18Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. 19Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. 20Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi.

21“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene. 22Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ 23Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”

24Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. 25Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’

26“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.” 27Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me. 28Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. 29Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.

30“Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, 31eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. 32Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, 33ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be,

“ ‘Wòe nye vinye ŋutsu,

egbe mezu fofowò.’

34Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be,

“ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’

35Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be,

“ ‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’

36“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome. 37Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”

38Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. 39Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. 40Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. 41Wogblɔe be,

“ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la,

mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃.

Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me

esi ne wogblɔe na wò la

màxɔe ase o.’ ”

42Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi. 43Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.

44Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la. 45Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.

46Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ. 47Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,

“ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,

eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi

ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ”

48Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. 49Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me. 50Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me. 51Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio. 52Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La misión enviada desde Antioquía

  • El Diccionario Bíblico de Easton (1897) describe a Antioquía de Siria como la tercera ciudad en importancia del Imperio romano, después de Roma y Alejandría; fue la iglesia de allí la que apartó a Bernabé y a Saulo. Entre sus profetas y maestros estaban Simeón, llamado Níger, un sobrenombre que significa negro, quizá por su tez oscura, y Lucio de Cirene, en el norte de África.Fuentes: Antioch (Syria) · el propio texto bíblico · Simeon · Lucius
  • En Pafos, capital de Chipre y residencia del gobernador romano, un hechicero judío llamado Barjesús, también conocido como Elimas, un nombre árabe que significa mago o hechicero, intentó apartar de la fe al procónsul Sergio Paulo. Es aquí donde Saulo también es llamado Pablo; el Diccionario Bíblico de Easton (1897) dice que el nombre Pablo probablemente le fue dado en la infancia para usarlo en el mundo gentil, mientras que Saulo era su nombre hebreo de casa.Fuentes: Paphos · Elymas · Paul · el propio texto bíblico
  • Enviados desde Antioquía, bajaron a Seleucia, el puerto de la ciudad cerca de la desembocadura del Orontes, y navegaron hasta Chipre; después desembarcaron en Perge, capital de Panfilia, a orillas del río Cestro. Allí Juan los dejó y regresó a Jerusalén; su nombre romano, Marcos, poco a poco llegó a reemplazar su nombre judío, y era primo de Bernabé.Fuentes: Seleucia · Perga · John Mark · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Antioch · Hoy: Antioch on the Orontes · 36.227, 36.172 · versículo 1
  • Cyrene · 32.821, 21.851 · versículo 1
  • Cyprus · 35.000, 33.000 · versículo 4
  • Seleucia · Hoy: Seleucia Pieria · 36.124, 35.922 · versículo 4
  • Salamis · 35.185, 33.902 · versículo 5
  • Paphos · Hoy: New Paphos · 34.756, 32.404 · versículos 6, 13
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 13, 27, 31
  • Pamphylia · 37.000, 31.000 · versículo 13
  • Perga · 36.960, 30.854 · versículos 13, 14
  • Antioch · Hoy: Antioch in Pisidia · 38.306, 31.189 · versículo 14
  • Pisidia · 38.306, 31.189 · versículo 14
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 17
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 19
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 31
  • Iconium · Hoy: Konya · 37.872, 32.492 · versículo 51

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.