Nations Bible

Hechos 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Kornelio dɔ ame ɖe Petro

1Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me. 2Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii. 3Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”

4Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?”

Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene. 5Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. 6Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.” 7Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, 8eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ.

Petro kpɔ ŋutega

9Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa. 10Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. 11Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. 12Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi.

13Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.”

14Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”

15Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.”

16Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo. 17Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu. 18Woyɔ ame aɖe ɖa biae be Simɔn si woyɔna be Petro la dze afi sia mahã?

19Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me, 20eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”

21Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?”

22Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”

Petro yi Kornelio ƒe aƒe me

23Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea.

24Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. 25Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu.

26Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.”

27Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo.

28Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o. 29Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”

30Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme. 31Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu. 32Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’ 33Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”

Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na Kornelio ƒe aƒe

34Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o, 35ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã. 36Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ. 37Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me. 38Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”

39Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. 40Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la. 41Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. 42Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. 43Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”

Helatɔwo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la

44Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi. 45Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi, 46elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum.

Tete Petro gblɔ be, 47“Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.” 48Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Pedro y los gentiles en Cesarea

  • Cesarea, donde vivía Cornelio, estaba en la costa del Mediterráneo, en el camino de Tiro a Egipto, a unas setenta millas al noroeste de Jerusalén. El Easton's Bible Dictionary (1897) dice que Herodes el Grande la construyó en el 10 a. C., en el sitio de la Torre de Estratón, y le puso el nombre de César Augusto. La misma obra la llama capital de la provincia romana de Judea, sede de los gobernadores y la gran ciudad gentil de Palestina.Fuentes: Caesarea · el propio texto bíblico
  • Cornelio era centurión de lo que se llamaba el Regimiento Italiano. Él y toda su casa eran devotos y temerosos de Dios; daba con generosidad al pueblo y oraba a Dios con regularidad. El Easton's Bible Dictionary (1897) dice que vivir en Cesarea probablemente lo puso en contacto con judíos y con sus expectativas acerca del Mesías, y que él y su familia fueron bautizados.Fuentes: Cornelius · el propio texto bíblico
  • Pedro se hospedaba en Jope con Simón el curtidor, un cristiano cuya casa estaba junto al mar. Jope, el principal puerto de Judea, se hallaba en un promontorio arenoso entre Cesarea y Gaza, a unas treinta millas al noroeste de Jerusalén. Una cronología de estos acontecimientos fecha el encuentro de Pedro con Cornelio en el año 38 d. C.Fuentes: Simon the Tanner · Joppa · el propio texto bíblico · Peter meets Cornelius

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Caesarea · Hoy: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículos 1, 24
  • Joppa · Hoy: Jaffa · 32.054, 34.753 · versículos 5, 8, 23, 32
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 37
  • Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículos 37, 39
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 38
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.