Nations Bible

2 Tesalonicenses 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Mido gbe ɖa ɖe mía ta

1Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene. 2Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia ame si xɔse la le o. 3Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me. 4Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm, eye menye zi ɖeka ko o, ke boŋ ɣe sia ɣi. 5Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ.

Nuxɔxlɔ̃ amewo tso kuviawɔwɔ ŋu

6Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o. 7Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe 8alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o. 9Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o, ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋu na mi be miadze eyome. 10Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”

11Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu. 12Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii. 13Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o.

14Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. 15Ke migabui be enye miaƒe futɔ o, ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxlɔ̃ame ene.

Gbedonamewo

16Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.

17Azɔ esia nye nye Paulo ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene, be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ.

18Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ mi katã mia dzi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Trabajo, advertencia y la mano de Pablo

  • Quienes envían la carta cuentan que, mientras estaban con los lectores, no comían la comida de nadie sin pagarla. Trabajaban noche y día, con esfuerzo y fatiga, para no ser una carga, y se ofrecieron como ejemplo a imitar, aunque dicen que no les faltaba el derecho a ser sostenidos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • También recuerdan la orden que dieron entonces: quien no quiera trabajar, que no coma. La carta dice que algunos llevaban una vida desordenada, ajena a la tradición recibida de quienes escriben, y no hacían nada más que entrometerse en la vida ajena; a esas personas se les exhorta a trabajar en silencio y ganarse su propio sustento.Fuentes: el propio texto bíblico
  • A quien no obedece la carta hay que tenerlo en cuenta y no asociarse con él, para que sienta vergüenza, pero advertirlo como a un hermano y no tratarlo como a un enemigo. El saludo final se presenta como escrito de puño y letra de Pablo, la marca que usa en cada carta y la manera en que escribe.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.