Nations Bible

2 Samuel 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Seba dze aglã ɖe David ŋu

1Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be,

“Migbugbɔ le David yome!

Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo:

menye míaƒe fiae o!”

2Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem.

3Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.

4Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya. 5Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae.

6David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”

7Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome. 8Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me. 9Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene. 10Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.

11Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.”

12Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi. 13Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la.

14Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me. 15Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.

16Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.” 17Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?”

Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”

Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.”

Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”

18Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi. 19Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”

20Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o, 21nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.”

Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”

22Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.

David subɔlawo

23Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la.

Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.

24Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi.

Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla,

25Seve nye nuŋlɔla

eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.

26Ira, Yairtɔ la nye nunɔla le David ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La revuelta de Seba y el asedio de Abel

  • Seba, un hombre de la tribu de Benjamín (el mismo linaje del antiguo rey Saúl), aprovechó las tensiones entre las tribus del norte de Israel y Judá tras la derrota de Absalón para iniciar una nueva revuelta contra David.Fuentes: Sheba · el propio texto bíblico
  • David había nombrado a Amasa para dirigir el ejército en lugar de Joab. Durante la persecución de Seba, Joab eliminó a su rival junto a la gran piedra de Gabaón, saludando a Amasa con un beso mientras lo hería con una daga oculta.Fuentes: Amasa · Joab · el propio texto bíblico
  • Abel-bet-maaca era una ciudad fortificada en el norte, en el territorio de Neftalí, descrita como 'madre en Israel' y conocida como un lugar para resolver disputas. Una mujer sabia de la ciudad negoció con Joab para levantar el asedio a cambio de la vida de Seba.Fuentes: Beth-maacah · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3, 7, 22
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 2
  • Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 8

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.