Nations Bible

2 Samuel 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Natan ka mo na David

1Ale Yehowa ɖo Nyagblɔɖila Natan ɖa be wòagblɔ ŋutinya sia na David be, “Ŋutsu eve aɖewo le du aɖe me, ɖeka nye kesinɔtɔ gã aɖe eye evelia nye ame dahe. 2Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu, 3ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.

4“Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”

5David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku! 6Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.”

7Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me; 8metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o. 9Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a! 10Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’

11“ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ. 12Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ”

13David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”

Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o 14gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”

15Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe. 16David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me. 17Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.

18Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.”

19Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?”

Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.”

20David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie.

21Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.”

22David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’ 23Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.”

24David fa akɔ na Batseba eye esi wògadɔ egbɔ la, edzi ŋutsuvi eye wòna ŋkɔe be Solomo. Yehowa lɔ̃ ɖevia 25eye wòɖo du kple yayra ɖee to Nyagblɔɖila Natan dzi, be woana ŋkɔ ɖevia be “Yedidia” si gɔmee nye, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ” le lɔlɔ̃ tɔxɛ si Yehowa tsɔ nɛ la ta.

Woxɔ Raba du la

26Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la. 27Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la. 28Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”

29Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la. 30Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me. 31Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La reprensión de Natán y la caída de Rabá

  • Natán confrontó al rey David por su adulterio con Betsabé y la muerte de Urías mediante una parábola sobre un hombre rico que robó la única cordera de un hombre pobre. Cuando David declaró indignado que el hombre rico merecía morir, Natán reveló: "¡Tú eres ese hombre!", lo que llevó a David a confesar su pecado.Fuentes: el propio texto bíblico · Nathan · Uriah
  • Tras la muerte de su primer hijo, David y Betsabé tuvieron un hijo llamado Salomón, que significa "pacífico". El profeta Natán también le dio al niño el nombre de Jedidías, que significa "amado del Señor".Fuentes: el propio texto bíblico · Solomon · Nathan · Bathsheba
  • Mientras sitiaba la capital amonita de Rabá, Joab capturó el suministro de agua de la ciudad e instó a David a liderar el asalto final para que el triunfo perteneciera al rey y no a Joab.Fuentes: el propio texto bíblico · Joab · Rabbah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 9, 26, 31
  • Rabbah · Hoy: Amman · 31.955, 35.934 · versículos 26, 27, 29, 31
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 31

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.