2 Reyes 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ”
2Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?”
Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.”
Toɖeɖe ɖe Samaria nu tso
3Anyidzela ene aɖewo nɔ anyi ɖe dua ƒe agbowo godo. Wobia wo nɔewo be, “Nu ka ta míanɔ anyi ɖe afi sia va se ɖe esime míaku? 4Ne míegblɔ be, ‘Míayi dua me’ la, dɔwuame le afi ma ana míaku, ke ne míetsi afi sia hã la, míaku eya ta mina míayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade asi na wo. Ne wokpɔ nublanui na mí la, míanɔ agbe, ke ne wowu mí la, ɖe míekue nye ema.”
5Esi fiẽ ɖo la, wotsi tsitre heyi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Esi woɖo asaɖa la ƒe gbɔto la, womekpɔ ame aɖeke le afi ma o 6elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!” 7Ale wotsi tsitre hesi, esi anyigba de asi tsyɔtsyɔ̃ me eye wogblẽ woƒe agbadɔwo kple sɔwo kple tedziwo ɖi. Ale wogblẽ asaɖa la ɖi nenema eye wosi dzo be woaɖe yewoƒe agbe.
8Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã.
9Wogblɔ na wo nɔewo be, “Menye nu nyuitɔe nye esi wɔm míele o. Egbee nye nya nyui segbe eye míawo ɖeɖe gbɔ ko wòtsi. Ne míelala va se ɖe esime ŋu ke la, tohehe ava mía dzi eya ta mina míayi zi ɖeka aɖaka nya sia ta na fiasãmetɔwo.”
10Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.” 11Ale agbonudzɔlawo do ɣli gblɔ nya la na ame siwo nɔ fiasã la me.
12Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.”
13Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.”
14Wodi tasiaɖamŋusɔ ene eye fia la ɖo tasiaɖamŋusɔdola eve ɖa be woakpɔ afi si Siriatɔwo yi. 15Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la. 16Tete ameawo do go le Samaria dua me yi ɖaha nuwo le Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Ale wɔ gram wuieve xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Yehowa ƒe nya nu.
17Fia la tɔ asi dumegã si ƒe abɔ ŋu wòziɔ ɖo la dzi be wòakpɔ amewo ƒe gododo kple emevava dzi le agboa nu. Ke wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi wòku esime ameawo nɔ dodom gidigidi tso dua me. Nu sia tututue Elisa gblɔ da ɖi le ŋkeke si do ŋgɔ na gbe ma gbe la dzi, esime fia la va be yealée. 18Ale wòva va eme abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔe na fia la ene be, “Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.” 19Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!”
Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.”
20Nyateƒe, mete ŋu ɖu ɖeke o elabena wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi, wòku le agboa nu!
¿Sabías que…?
El alivio de Samaria y la profecía de Eliseo
- Durante un severo asedio y hambruna en la capital Samaria, Eliseo anunció que los cereales serían abundantes y baratos en veinticuatro horas. Cuando un oficial real expresó incredulidad, Eliseo predijo que el oficial vería el suministro con sus propios ojos, pero no comería de él.Fuentes: el propio texto bíblico · Elisha · Samaria
- El ejército arameo huyó en pánico tras oír el estruendo de un gran ejército, creyendo que Israel había contratado a los reyes de los hititas y de los egipcios. Cuatro hombres leprosos descubrieron las tiendas y provisiones abandonadas al anochecer y llevaron la noticia a los porteros de Samaria.Fuentes: el propio texto bíblico · Egypt
- Luego de que los exploradores confirmaron la retirada hasta el río Jordán, la multitud hambrienta salió en masa a saquear el campamento. En el caos junto a la puerta de la ciudad, el oficial incrédulo apostado allí fue pisoteado hasta morir, cumpliendo la predicción de Eliseo.Fuentes: el propio texto bíblico · Jordan
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 1, 16, 18
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 5
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 6
- Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 15
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org