Nations Bible

2 Reyes 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Manase, Yuda fia

1Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba. 2Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. 3Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. 4Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.” 5Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. 6Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.

7Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! 8Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” 9Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.

10Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be, 11“Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la, 12Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃. 13Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi. 14Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo 15elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.”

16Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.

17Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 18Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe.

Amon, Yuda fia

19Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba. 20Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. 21Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. 22Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o. 23Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. 24Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae. 25Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 26Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.

¿Sabías que…?

Los reinados de Manasés y Amón

  • Manasés reinó en Judá durante cincuenta y cinco años, el reinado más largo de cualquier rey en Jerusalén. Revirtió por completo las reformas religiosas de su padre Ezequías al edificar altares a Baal, introducir el culto a los astros en los atrios del templo y erigir una imagen de Asera.Fuentes: el propio texto bíblico · Hezekiah
  • Al pronunciar el juicio, los profetas compararon a Jerusalén con Samaria y la casa de Acab del reino del norte de Israel, que igualmente había introducido el culto a Baal. La metáfora de un cordel de medir y una plomada indicaba que Jerusalén enfrentaría la misma destrucción que Samaria.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahab · Samaria
  • Tanto Manasés como su hijo Amón fueron sepultados en el jardín de Uza, ubicado cerca de los terrenos del palacio real en Jerusalén, en lugar de los sepulcros reales tradicionales. Tras el asesinato de Amón por sirvientes del palacio luego de dos años de reinado, el pueblo ejecutó a los conspiradores y coronó a su hijo Josías, de ocho años.Fuentes: el propio texto bíblico · Uzza · Amon · Josiah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 4, 7, 12, 13, 16, 19
  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 13
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 15
  • Uzza · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 18, 26

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.