Nations Bible

2 Reyes 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yehowa kɔ Eliya yi dziƒo

1Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal. 2Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.”

Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.

3Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?”

Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.”

4Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.”

Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko.

5Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?”

Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”

6Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.”

Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi.

7Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu. 8Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi.

9Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?”

Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.”

10Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”

11Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.

12Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee. 13Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to. 14Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la.

15Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe. 16Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.”

Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”

17Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. 18Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?”

Elisa na tsi manyomanyo trɔ zu tsi nyui

19Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.”

20Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema. 21Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ”

22Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene.

Woɖu fewu le Elisa ŋu

23Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.” 24Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. 25Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La partida de Elías y la sucesión de Eliseo

  • El manto de Elías había marcado inicialmente el llamamiento de Eliseo cuando Elías lo arrojó sobre sus hombros en el campo. Cuando Elías fue llevado al cielo en un torbellino, Eliseo recogió el manto caído y golpeó las aguas del Jordán con él, demostrando a los profetas presentes que había recibido el espíritu de Elías y lo había sucedido como profeta.Fuentes: Elisha · el propio texto bíblico
  • El manantial cercano a Jericó, identificado históricamente con Ain es-Sultan o la Fuente de Eliseo, tenía agua mala que volvía estéril la tierra circundante. Eliseo purificó el agua arrojando sal desde un tazón nuevo directamente en el manantial.Fuentes: Jericho · el propio texto bíblico
  • Antes de cruzar el Jordán, Elías y Eliseo visitaron comunidades de los hijos de los profetas situadas en Betel y Jericó. Cincuenta hombres de estos grupos proféticos observaron el cruce milagroso a lo lejos y luego pasaron tres días buscando a Elías por los montes y valles cercanos.Fuentes: Bethel (of Palestine) · Jericho · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículos 4, 5, 15, 18, 19, 23
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 6, 7, 13
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · versículo 25
  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 25

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.