Nations Bible

2 Reyes 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yuda fia, Amazia

1Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda. 2Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem. 3Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene. 4Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.

5Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 6Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.”

7Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.

8Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa.

9Fia Yehoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 10Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”

11Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 12Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 13Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180). 14Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria.

15Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Yehoas ƒe fiaɖuɖu kple eƒe aʋawɔwɔ kple Yuda fia Amazia ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 16Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe.

17Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 18Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

19Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 20Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.

21Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko. 22Le fofoa ƒe ku megbe la, etu Elat eye wòxɔe na Yuda.

Yeroboam Evelia, Israel fia

23Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. 24Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene. 25Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene.

26Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa. 27Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel.

28Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 29Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Conflicto Entre Reinos y Restauración Territorial

  • Cuando Amasías consolidó su trono y ejecutó a los conspiradores que asesinaron a su padre Joás, perdonó expresamente la vida de los hijos de estos. El texto indica que actuó conforme al Libro de la Ley de Moisés, que mandaba que los padres y los hijos no debían morir por los pecados de los otros.Fuentes: el propio texto bíblico · Amaziah · Moses
  • Tras derrotar a Edom, Amasías desafió al rey Joás de Israel a la batalla. Joás respondió con una parábola sobre un cardo humilde en el Líbano que pidió una alianza matrimonial a un majestuoso cedro antes de ser pisoteado por una fiera, advirtiendo a Amasías de que el orgullo por su victoria le traería la ruina.Fuentes: el propio texto bíblico · Amaziah · Joash
  • A pesar de mantener el culto a los becerros de oro, Jeroboam II gobernó Israel durante cuarenta y un años prósperos y extendió sus fronteras desde Lebo-hamat hasta el mar del Arabá. El autor señala que esto cumplió una profecía de Jonás hijo de Amitai, ya que el Señor tuvo compasión de la amarga aflicción de Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Jeroboam

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 13, 19, 20
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículos 7, 10
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 9
  • Corner Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 13
  • Ephraim Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 13
  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 14, 16, 23, 29
  • Lachish · Hoy: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículo 19
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 20
  • Salt Sea · Hoy: Dead Sea · 31.500, 35.500 · versículo 25
  • Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 28
  • Hamath · Hoy: Hama · 35.136, 36.750 · versículo 28

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.