2 Corintios 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Makedoniatɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ
1Azɔ la, nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la na mi. 2Togbɔ be wole fu geɖe kpem, eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔ me faa, eye wodzɔa nu kple dzidzɔ. 3Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o. 4Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem. 5Esi ƒo wo katã ta, eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la kple míawo hã to Mawu ƒe amenuveve me, eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na yewo la. 6Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome. 7Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, veviedodo nu kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me.
8Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene. 9Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo.
10Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu, elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa, eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã. 11Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la, miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me. 12Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.
13Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku, ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o, 14ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la, nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua. 15Abe ale si wòle Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o.”
Wodɔ Tito ɖe Korinto
16Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene. 17Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã. 18Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti. 19Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia. 20Míewɔ esia elabena míedi be ame aɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si míena wodzɔ la ŋuti o. 21Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia.
22Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti, ame sia hã nye hadɔwɔla vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ míaƒe vevidodo nu nɛ. 23Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo. 24Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume.

¿Sabías que…?
Generosidad y la colecta para Jerusalén
- En tiempos del Nuevo Testamento, Macedonia era una provincia romana al norte de Grecia. Pablo fue llamado por la visión de un hombre de Macedonia para predicar el evangelio allí, y este capítulo cuenta a los corintios cómo esas iglesias, en una terrible prueba y en profunda pobreza, dieron con alegría e incluso más allá de lo que podían.Fuentes: Macedonia · el propio texto bíblico
- Tito, cuyo nombre no aparece en Hechos, parece haber sido un gentil dedicado sobre todo a ministrar a los gentiles. Desde Éfeso, Pablo lo envió a Corinto para hacer llegar las contribuciones de la iglesia a favor de los santos pobres de Jerusalén; en este capítulo, Pablo lo insta a completar esa obra, y Tito viene con entusiasmo por propia iniciativa.Fuentes: Titus · el propio texto bíblico
- Junto con Tito, Pablo envía a un hermano alabado por todas las iglesias por su trabajo en el evangelio y elegido por ellas para acompañar la ofrenda, y a otro hermano cuyo empeño ya ha sido probado muchas veces y de muchas maneras. Explica que ese cuidado busca evitar críticas sobre cómo se administra el generoso donativo, de modo que hagan lo correcto no solo ante los ojos del Señor, sino también ante los ojos de las demás personas.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org