Nations Bible

2 Crónicas 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Esi Solomo wu dɔ siwo katã, hlɔ̃awo ƒe tatɔwo wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋu nu la, etsɔ sika kple klosalo kple xɔmenu siwo katã ŋu fofoa, David kɔ la da ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo.

Wotsɔ nubablaɖaka la va gbedoxɔ la me

2Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me. 3Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.

4Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la, 5eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo; 6eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.

7Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. 8Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi. 9Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. 10Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko.

11Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu. 12Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum. 13Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be,

“Eƒe dɔme nyo;

eye eƒe amenuveve li tegbee.”

Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, 14eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.

¿Sabías que…?

El traslado del arca al templo

  • Salomón congregó a los líderes de Israel en Jerusalén para trasladar el arca del pacto desde Sion, la Ciudad de David, hacia el santuario interior del templo, el Lugar Santísimo. En ese momento, el arca contenía únicamente las dos tablas de piedra que Moisés había colocado allí en Horeb.Fuentes: el propio texto bíblico · Zion · Most Holy Place · Moses
  • La dedicación contó con una gran celebración musical dirigida por los principales maestros levitas—Asaf, Hemán y Jedutún—y sus familias, vestidos de lino fino y tocando címbalos, arpas y liras, acompañados por 120 sacerdotes que tocaban trompetas.Fuentes: el propio texto bíblico · Asaph (Levite) · Heman · Jeduthun (Ethan)
  • En el instante en que los músicos y cantores alababan a Dios al unísono, una espesa nube llenó el templo, impidiendo que los sacerdotes se mantuvieran de pie para ministrar.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 2
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 2
  • Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 2
  • Most Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 7
  • Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículos 9, 11
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 10
  • Mount Horeb · Hoy: Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 10

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.