2 Crónicas 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yuda fia Yehosafat
1Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu. 2Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me.
3Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o. 4Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o. 5Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ. 6Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã.
7Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya. 8Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram. 9Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.
10Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o. 11Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700).
12Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi. 13Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me. 14Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale:
tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi
eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te.
15Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu.
16Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi.
17Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome;
wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te.
18Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie.
19Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti.

¿Sabías que…?
Las reformas y el fortalecimiento de Josafat
- En el tercer año de su reinado, Josafat puso en marcha una campaña educativa por todo el país. Envió a oficiales reales, levitas y sacerdotes por todas las ciudades de Judá con el Libro de la Ley del SEÑOR para instruir directamente al pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico · Jehoshaphat
- Para asegurar su reino frente al reino del norte, Israel, Josafat apostó tropas y guarniciones en las ciudades fortificadas de Judá y en las ciudades de Efraín que su padre Asá había tomado previamente.Fuentes: el propio texto bíblico · Jehoshaphat · Asa
- Debido a que los reinos vecinos temían hacer la guerra contra Judá, Josafat recibió cuantiosos tributos, incluyendo plata de los filisteos y rebaños de 7.700 carneros y 7.700 machos cabríos de los árabes.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org