Nations Bible

2 Crónicas 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. 2Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be, 3“Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be, 4‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ”

Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.

Rehoboam tu mɔwo ɖe Yuda

5Rehoboam nɔ Yerusalem eye wòglã Yuda du aɖewo kple gliwo kple agbowo hena eya ŋutɔ ƒe dedinɔnɔ. 6Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa 7Bet Zur, Soko, Adulam, 8Gat, Maresa, Zif, 9Adoraim, Lakis, Azeka, 10Zora, Aiyalon kple Hebron. 11Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me. 12Edzra akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖo ɖe du ɖe sia ɖe me hena eƒe amewo ƒe dedinɔnɔ elabena Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo koe nɔ eyome.

13Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi. 14Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o. 15Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi. 16Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le. 17Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe.

Rehoboam ƒe aƒemetɔwo

18Rehoboam ɖe Mahalat, ame si nye David ƒe vi Yerimɔt kple David nɔviŋutsu Isai ƒe vi, Eliab ƒe vinyɔnu Abihail ƒe vi. 19Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham.

20Emegbe la, Rehoboam gaɖe Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu eye wòdzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ. 21Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi. 22Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome. 23Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Roboam Fortalece a Judá

  • Tras ser advertido por el profeta Semaías de no librar una guerra civil contra las tribus del norte, Roboam fortificó quince ciudades estratégicas en Judá y Benjamín —como Belén, Hebrón y Laquis—, dotándolas de comandantes, escudos, lanzas y provisiones de comida, aceite y vino.Fuentes: el propio texto bíblico · Shemaiah · Bethlehem
  • Cuando Jeroboam rechazó a los levitas y nombró a sus propios sacerdotes para los ídolos de becerros y machos cabríos en el norte, los sacerdotes y levitas abandonaron sus tierras y emigraron a Judá y Jerusalén, seguidos por adoradores fieles de todas las tribus de Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Jeroboam
  • Roboam favoreció a su esposa Maaca, descendiente de Absalón, y designó a su hijo Abías como príncipe principal y heredero al trono, mientras distribuía a sus demás hijos por las ciudades fortificadas con abundantes provisiones.Fuentes: el propio texto bíblico · Maachah · Abijah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 5, 14, 16
  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículo 6
  • Tekoa · Hoy: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 6
  • Socoh · Hoy: Tel Socho · 31.682, 34.975 · versículo 7
  • Mareshah · Hoy: Tel Maresha · 31.593, 34.898 · versículo 8
  • Lachish · Hoy: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículo 9
  • Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículo 10

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.