1 Samuel 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yehowa yɔ Samuel
1Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o.
2Fifia, Eli zu amegãɖeɖi eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu tututu o. Emlɔ eƒe xɔ me le zã me gbe ɖeka eye 3Samuel hã mlɔ gbedoxɔ la me le afi si nubablaɖaka la nɔ. Ke esi wòsusɔ vie woatsi xɔmekaɖiwo la, 4Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!”
Samuel tɔ be, “Papaa!” 5Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?”
Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi.
6Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?”
Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”
7Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o.
8Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Samuel gaƒu du yi Eli gbɔ eye wògagblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?”
Azɔ Eli dze sii be Yehowae nɔ nu ƒom na ɖevia 9eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’ ” Samuel gayi ɖamlɔ anyi.
10Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!”
Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.”
11Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel. 12Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli. 13Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o. 14Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.”
15Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli. 16Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.”
Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.”
17Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!” 18Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”
19Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme. 20Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae. 21Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe.

¿Sabías que…?
El Llamamiento de Samuel
- El santuario que albergaba el arca de Dios estaba ubicado en Silo, donde el joven Samuel servía bajo la tutela del sumo sacerdote Elí. El texto señala que las revelaciones divinas y las visiones eran escasas en aquellos días, antes de que el Señor volviera a revelarse a Samuel en Silo.Fuentes: el propio texto bíblico · Shiloh · Eli
- Elí ejerció el sumo sacerdocio y juzgó a Israel durante cuarenta años, pero no reprendió con severidad a sus hijos corruptos, Ofni y Finees, lo que provocó un juicio divino sobre su casa. El oficio sacerdotal permaneció en su linaje hasta que el rey Salomón depuso a Abiatar y nombró a Sadoc.Fuentes: Eli · el propio texto bíblico
- La frase desde Dan hasta Beerseba designa toda la extensión territorial de la Tierra Prometida, desde su frontera norte en Dan hasta el extremo sur en Beerseba, una distancia de unas 144 millas. Su mención destaca que toda la nación reconoció a Samuel como un profeta acreditado.Fuentes: Beersheba · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Dan · Hoy: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 20
- Shiloh · Hoy: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículo 21
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org