Nations Bible

1 Samuel 28

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Saul yi ŋɔliyɔla aɖe gbɔ le Endor

1Le ŋkeke mawo me la, Filistitɔwo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo be woawɔ aʋa kple Israel. Akis gblɔ na David be, “Nyae be wò kple wò ameawo miakplɔm ɖo anɔ nye aʋakɔwo dome.”

2David ɖo eŋu nɛ be, “Ekema wò ŋutɔ àkpɔe na ɖokuiwò, nu si wò dɔla ate ŋu awɔ.”

Akis ɖo eŋu be, “Enyo matsɔ wò awɔ ŋunyedzɔlae hena wò agbemeŋkekewo katã.”

Saul kple ŋɔliyɔla le Endor

3Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi.

4Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. 5Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ. 6Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o. 7Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.”

Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.”

8Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve.

Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.”

9Gake nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Le nyateƒe me ènya nu si Saul wɔ. Eɖe afakalawo kple ŋɔliyɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Nu ka ŋutie nètre mɔ na nye agbe be yeahe ku vɛ nam?”

10Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.”

11Nyɔnu la biae be, “Ame kae nèdi be mayɔ na ye?”

Saul do eŋu be, “Yɔ Samuel nam.”

12Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!”

13Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?”

Ŋɔliyɔla la ɖo eŋu be, “Mekpɔ gbɔgbɔ aɖe wòle dodom tso tome gbɔna.”

14Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?”

Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ame si gbɔna la nye amegãɖeɖi si do awu ʋlaya.”

Tete Saul dze sii be Samuel ye eye wodze klo tsyɔ mo anyi.

15Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?”

Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.”

16Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ? 17Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David. 18Esiawo katã va dziwò elabena mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi esi wòdo dɔmedzoe kaɖikaɖi ɖe Amalekitɔwo ŋu o. 19Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.”

20Saul mlɔ anyigba hedra ɖe anyigba azɔ, ʋaʋã meganɔ eŋu o, le Samuel ƒe nyawo ta. Dɔwuame hã na ŋusẽ vɔ le eŋu elabena meɖu naneke ŋkeke blibo la o.

21Esi ŋɔliyɔla la kpɔ ale si vɔvɔ̃ ɖoe la egblɔ be, “Amegã, metsɔ nye agbe ke eye mewɔ wò ɖoɖo dzi. 22Azɔ la, nu si magblɔe nye be nàna mana nane wò nàɖu, ale be ŋusẽ naɖo ŋuwò hena wò mɔzɔzɔ yi wò nɔƒe.”

23Ke Saul be, “Nyemaɖu o.”

Eŋumewo ɖe kuku nɛ kpe ɖe ŋɔliyɔla la ŋu va se ɖe esime wòlɔ̃. Efɔ azɔ eye wònɔ abati dzi.

24Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo 25eye wòtsɔ nuɖuɖu la vɛ na fia la kple eŋumewo woɖu eye wodzo le zã la me.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Saúl y la Médium de Endor

  • Tras la muerte de Samuel, Saúl había expulsado a los médiums y adivinos de la tierra de Israel. Sin embargo, cuando el ejército filisteo se congregó en Sunem y el SEÑOR no le respondió por sueños, por el Urim ni por profetas, el rey atemorizado se disfrazó de noche para consultar a una médium sobreviviente en la cercana Endor.Fuentes: el propio texto bíblico · En-dor · Shunem · Gilboa
  • Mientras Saúl se preparaba para la inminente batalla en el monte Gilboa, David vivía exiliado bajo la protección de Aquis, un rey filisteo. Aquis confiaba tanto en la fidelidad de David que lo nombró su guardaespaldas personal permanente para la guerra contra Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Achish

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Mount Gilboa · 32.434, 35.414 · versículo 4
  • Shunem · Hoy: Sulam · 32.606, 35.334 · versículo 4
  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículo 18

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.