Nations Bible

1 Samuel 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

David, Nabal kple Abigail

1Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran.

2Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo. 3Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã.

4Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la, 5eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be, 6“Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi. 7Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o. 8Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.”

9Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal. 10Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ. 11Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?”

12Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ. 13David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm.

14Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo. 15Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o. 16Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ. 17Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”

18Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi. 19Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o. 20Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo.

21Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam. 22Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!”

23Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ.

24Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si. 25Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o. 26Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu. 27Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo. 28Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o. 29Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene. 30Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la, 31ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!”

32David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe! 33Míada akpe na Mawu le susu nyui si wòna wò la ta! Meda akpe na wò be nèɖem tso amewo ƒe ʋukɔkɔɖi kple nye asitsɔtsɔ bia hlɔ̃e la me, 34elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”

35David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o. 36Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke. 37Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene. 38Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku.

39Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!”

David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.

40Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la, 41elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.” 42Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃.

43David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã. 44Ke Fia Saul zi via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ la, dzi wòɖe Palti, Lais vi, tso Galim.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

David, Nabal y Abigaíl

  • El Carmelo mencionado en este capítulo no es el monte Carmelo del norte de Israel, sino una ciudad en la región montañosa de Judá, cerca de Maón y al sur de Hebrón, donde Nabal pastoreaba sus grandes rebaños.Fuentes: Carmel · Maon · el propio texto bíblico
  • La esquila de ovejas era tradicionalmente una época de fiesta y hospitalidad. Aunque los hombres de David habían protegido continuamente a los pastores de Nabal en el desierto, Nabal —cuyo nombre significa Necio— rechazó con dureza la solicitud de provisiones de David.Fuentes: Nabal · el propio texto bíblico
  • Abigaíl evitó una tragedia al llevar de inmediato abundantes provisiones —incluidos doscientos panes, odres de vino, ovejas preparadas, grano tostado, racimos de pasas y tortas de higos—, apelando a la conciencia de David para evitar que tomara venganza.Fuentes: Abigail · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Paran · 30.303, 34.777 · versículo 1
  • Maon · Hoy: Tel Main · 31.409, 35.134 · versículo 2

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.