Nations Bible

1 Samuel 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Saul ʋã ŋu David

1Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene. 2Saul na David tsi egbɔ tso gbe ma gbe eye megana wòtrɔ yi aƒe me o. 3Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. 4Etsɔ awu ʋlaya si wòdo, eƒe aʋawu, yi kple dati hekpe ɖe alidziblanu ŋu nɛ.

Fia Saul na David tsi Yerusalem eye megaɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de o. 5David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu. 6Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu. 7Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be,

“Saul wu eƒe akpewo ke

David wu eƒe akpe ewowo.”

8Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?”

9Tso gbe ma gbe dzi la, Saul de asi David kpɔkpɔ me kple ŋuʋaʋã ƒe ŋku. 10Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi. 11Saul gblɔ le eɖokui me be, “Matɔ akplɔe, amimii ɖe gli ŋu.” Eda akplɔ lae zi eve ke David ƒo asa nɛ zi eveawo katã.

12Saul ʋã ŋu David elabena Yehowa li kple David hegblẽ eya Saul ɖi. 13Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu. 14Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii. 15Saul de dzesi David ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nu sia na be wògavɔ̃na na David wu tsã, 16ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me.

17Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”

18David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!” 19Esi azã la su na srɔ̃ɖeɖea la, Saul tsɔ via nyɔnu la na Adriel ame si tso Meholat la boŋ wòɖe.

David ɖe Saul vinyɔnu, Mixal

20Le ɣeyiɣi sia me la, Saul vinyɔnu, Mixal, lɔ̃ David eye esi Saul se nya sia la, edzɔ dzi nɛ. 21Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.”

22Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi.

23Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?”

24Esi Saul ŋumewo gblɔ nya si David gblɔ la, 25Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me!

26Nya sia trɔ na David eya ta hafi ŋkekea naɖo na srɔ̃ɖeɖea la, 27David kple eƒe amewo yi ɖawu Filistitɔ alafa eve (200) eye wòtsɔ woƒe aʋanuyiwo yi na Fia Saul. Ale Fia Saul tsɔ via nyɔnuvi, Mixal, na David wòɖe.

28Esi Saul kpɔ ale si Yehowa nɔ kple David kple ale si ameawo katã lɔ̃e hã la, 29egavɔ̃ David wu tsã eye eƒe fulélee nu ganɔ sesẽm ɖe edzi wu gbe sia gbe.

30Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El éxito de David y los celos de Saúl

  • Jonatán, el hijo mayor del rey Saúl, forjó una profunda amistad con David e hizo un pacto con él. Para sellar esta alianza, Jonatán le entregó a David su propio manto real, su túnica, su espada, su arco y su cinto.Fuentes: Jonathan · el propio texto bíblico
  • La celebración pública de las victorias militares de David desató los celos continuos de Saúl. Cuando las mujeres de las ciudades de Israel cantaron que Saúl había herido a miles y David a decenas de miles, Saúl sintió sospechas y temió perder el reino ante él.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Aunque Saúl prometió inicialmente su hija mayor Merab a David, ella fue entregada en matrimonio a Adriel de Meholá. Luego Saúl ofreció a su hija menor Mical, pidiendo como dote cien prepucios de filisteos con la esperanza de que David muriera en combate.Fuentes: Merab · Michal · Adriel · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.