1 Samuel 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Samuel ƒe kaklãnyawo
1Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi. 2Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke. 3Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”
4Ameawo ɖo eŋu be, “Mèba mí alo te mí ɖe anyi kpɔ le mɔ aɖeke nu o eye mèxɔ zãnu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ o.”
5Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.”
Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.”
6Samuel yi edzi be, “Yehowa tia Mose kple Aron, eyae kplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte. 7Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi.
8“Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi.
9“Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia. 10Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’ 11Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me.
12“Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi. 13Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi. 14Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. 15Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene.
16“Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa. 17Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”
18Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ.
19Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.”
20Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o. 21Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o. 22Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta! 23Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi. 24Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu. 25Ke ne mieyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la, woatsrɔ̃ mi kple miaƒe fia la siaa.”

¿Sabías que…?
El discurso de despedida de Samuel y la señal de la lluvia
- Antes de transferir formalmente el liderazgo al rey Saúl, Samuel desafió públicamente a toda la nación a testificar si alguna vez había tomado un buey, recibido soborno u oprimido a alguien durante su gestión. La asamblea confirmó su completa integridad.Fuentes: el propio texto bíblico
- Samuel recordó a los israelitas su historia, señalando que cada vez que se apartaban de la idolatría, Dios levantaba libertadores como Jerobaal (otro nombre de Gedeón), Jefté y el propio Samuel para librarlos de sus opresores.Fuentes: el propio texto bíblico · Gideon · Jephthah
- Para mostrar la gravedad de haber exigido un rey terrenal, Samuel clamó a Dios para que enviara truenos y lluvia durante la cosecha de trigo, una época habitualmente seca en la región. La tormenta repentina llevó al pueblo a temer a Dios y a rogar la intercesión de Samuel.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 6, 8
- Hazor · Hoy: Tel Hazor · 33.018, 35.569 · versículo 9
- Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 9
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 12
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org