Nations Bible

1 Samuel 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Samuel si ami na Saul

1Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa? 2Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’

3“Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si. 4Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo.

5“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi. 6Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa. 7Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò. 8Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.”

Saul hã gblɔ nya ɖi

9Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu trɔ Saul ƒe dzi eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe. 10Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.

11Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”

12Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” 13Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi.

14Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?”

Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.”

15Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam.

16Saul ɖo eŋu be, “Eka ɖe edzi nam be, wokpɔ tedziawo.” Gake megblɔ nu si Samuel gblɔ tso fiaɖuɖu la ŋuti ya na fofoa nɔvia o.

Woɖo Saul fiae to nudzidze me

17Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa, 18eye wògblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple dukɔ siwo katã nɔ fu wɔm mi la ƒe ŋusẽ me. 19Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”

20Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la. 21Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome. 22Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?”

Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”

23Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta. 24Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!”

Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”

25Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me.

26Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii. 27Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La Unción y Proclamación de Saúl

  • Para confirmar la unción privada de Saúl, Samuel predijo tres encuentros específicos: dos hombres junto a la tumba de Raquel en Zelzah, tres hombres en la encina de Tabor y un grupo de profetas tocando instrumentos en Guibeá de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico · Tabor (Plain) · Zelzah
  • Samuel convocó a las tribus en Mizpa, una colina alta en el territorio de Benjamín usada tradicionalmente para grandes asambleas nacionales, donde la tribu de Benjamín y el clan de Matri fueron elegidos por sorteo.Fuentes: el propio texto bíblico · Mizpah · Matri
  • Aunque Saúl era una cabeza más alto que todo el pueblo, se escondió entre el equipaje hasta que una consulta al Señor reveló su ubicación ante la multitud.Fuentes: el propio texto bíblico · Saul

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 18
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 27

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.