1 Reyes 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Salomo bia nunya
1Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. 2Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. 3Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko.
4Vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi nɔ Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka! 5Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”
6Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea.
7“Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo wò dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o. 8Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o. 9Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?”
10Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia 11eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la, 12mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o. 13Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o 14eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.”
15Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã.
Salomo tso afia nyui
16Gbe ɖeka la, ɖetugbi eve siwo nye gbolowo la tsɔ nya aɖe va fia la gbɔ be wòatso eme na yewo. 17Ɖeka gblɔ be, “Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim. 18Esi medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, nyɔnu sia hã dzi vi. Mí ame evea koe nɔ aƒea me.
19“Ke le zã me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku. 20Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ. 21Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o.”
22Nyɔnu evelia hã gblɔ be, “Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe.”
Nyɔnu gbãtɔ be, “Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye.” Ale wohe nya sia le fia la ŋkume.
23Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ ”
24Azɔ fia la gblɔ be, “Enyo, mitsɔ yi vɛ nam” Ale wotsɔ yi vɛ na fia la. 25Fia la na gbe hegblɔ be, “Mima ɖevi gbagbe la ɖe akpa eve me eye miatsɔ afã eveawo na nyɔnu eve siawo ɖekaɖekae!”
26Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!”
Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!”
27Fia la gblɔ be, “Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!”
28Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae.

¿Sabías que…?
La Sabiduría y el Juicio de Salomón
- Salomón formó una alianza con Egipto al casarse con la hija del faraón, lo que marca la primera mención en las Escrituras de un vínculo entre Israel y Egipto desde el Éxodo. Ella residió en la Ciudad de David mientras se construían el palacio real de Salomón, el templo y las murallas de Jerusalén.Fuentes: Daughter of Pharaoh · el propio texto bíblico
- Antes de que se construyera el templo en Jerusalén, el pueblo y el rey Salomón ofrecían sacrificios en los lugares altos locales. Gabaón era considerado el principal lugar alto porque allí se había instalado el tabernáculo tras la destrucción de Nob, donde permaneció hasta que Salomón completó el templo.Fuentes: Gibeon · el propio texto bíblico
- Habiendo sucedido a David en el trono en su juventud, Salomón se describió a sí mismo como un niño pequeño cuando Dios se le apareció en un sueño en Gabaón. En lugar de pedir riquezas, larga vida o la derrota de sus enemigos, pidió un corazón entendido para juzgar al pueblo y discernir entre el bien y el mal.Fuentes: Solomon · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- City of David · 31.774, 35.236 · versículo 1
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 15
- Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículos 4, 5
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org