Nations Bible

1 Reyes 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Eliya kple Obadiya

1Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.”

2Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria. 3Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe. 4Eva eme be fianyɔnu Yezebel dze agbagba be yeawu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo katã le anyigba la dzi, ke Obadiya dze agbagba ɣla wo dometɔ alafa ɖeka ɖe agado eve me. Ame blaatɔ̃ nɔ agado ɖeka me eye blaatɔ̃ hã nɔ agado evelia me. Enyi wo kple abolo kple tsi ƒuƒlu ko. 5Fia Ahab gblɔ na Obadiya be, “Tsa le tɔsisi kple tɔʋu ɖe sia ɖe to le anyigba blibo la dzi ɖewohĩ miakpɔ gbe ana sɔawo kple tedziawo woaɖu be miaƒe lãwo magatsrɔ̃ na mi o. 6Ale ame eveawo tsa le anyigba la dzi; Ahab tsɔ eƒe mɔ eye Obadiya hã lé eƒe mɔ tsɔ.”

7Obadiya kpɔ Eliya wògbɔna egbɔ. Obadiya dze sii enumake. Ede ta agu nɛ eye wòbiae be, “Nye aƒetɔ Eliya, wò tututuea?”

8Eliya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.”

9Obadiya biae be, “Nu gbegblẽ ka mewɔ be nètsɔ wò dɔla le asi dem na Ahab be wòawu? 10Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o. 11Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ, agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ 12Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke. 13Nye aƒetɔ, ɖe mèse nu si mewɔ esi Yezebel nɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo wum oa? Meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado eve me, blaatɔ̃ ɖe agado ɖeka me, blaatɔ̃ ɖe agado evelia me eye mena nuɖuɖu kple tsi wo. 14Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Awum godoo!”

15Eliya gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si mesubɔna la ƒe agbe be egbe matsɔ ɖokuinye afia Ahab godoo.”

Eliya nɔ Karmel to dzi

16Ale Obadiya yi ɖagblɔ na Fia Ahab be Eliya va. Ale Ahab do go be yeayi aɖakpee. 17Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?”

18Eliya ɖo eŋu be, “Nyemehe fukpekpe aɖeke va Israel dzi o, ke boŋ wò kple fofowò ƒe aƒe lae elabena miegble Yehowa ƒe sededewo ɖi eye miedze Baalwo yome. 19Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.”

20Ale Ahab ɖo du ɖe Israelnyigba katã dzi eye wòna nyagblɔɖilawo ƒo ƒu ɖe Karmel to dzi.

21Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.

22Eliya yi edzi be, “Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si susɔ, ke nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ le Baal ya si. 23Midi nyitsu eve na mí. Mina woatia ɖeka na wo ɖokui. Wonefli lã la eye woatsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi gake womado dzo ɖe ete o. Nye hã mafli nyitsu evelia atsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi eye nyemado dzo ɖe ete o. 24Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.”

Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.”

25Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.”

26Wokplɔ nyitsu si wotsɔ na wo la, wowui, heflii ɖo nakeawo dzi. Tete woyɔ Baal ƒe ŋkɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdɔ. Wodo ɣli be, “Oo Baal, tɔ na mí!” Gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o eye ame aɖeke metɔ na wo o. Ale woɖu ɣe ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi.

27Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.” 28Ale wogado ɣli ɖe edzi sesĩe wu tsã, eye le woƒe kɔnyinyi nu la, wotsɔ hɛwo kple yiwo si wo ɖokui va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu. 29Le ɣetrɔ me la, woganɔ woƒe gbedodoɖa dzi kple ŋkubiã va se ɖe fiẽvɔsaɣi gake ame aɖeke metɔ o, ame aɖeke meɖo nya ŋu na wo loo alo ɖo to wo o.

30Eliya gblɔ na ameawo katã be, “Mite va gbɔnye!” Ameawo katã ƒo ƒu ɖe eŋu esi wòdzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wogbã la ɖo. 31Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu. 32Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ŋkɔ me eye wòɖe do ƒo xlãe. Do la lolo ale be woate ŋu akɔ tsi lita wuiatɔ̃ ɖe eme. 33Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.”

34Egblɔ na wo be, “Migawɔe ake” eye wogawɔe.

Eɖe gbe na wò be, “Miwɔe zi etɔ̃lia.” Ale wowɔe zi etɔ̃lia. 35Ale tsi la gbagba tso vɔsamlekpui la dzi eye wòyɔ do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la gɔ̃ hã.

36Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu. 37Tɔ nam, oo Yehowa, tɔ nam. Ekema, oo Yehowa, ame siawo anyae be, wòe nye Mawu eye be wòe gbugbɔ woƒe dzi le tɔtrɔm ɖe ŋuwò.”

38Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia!

39Esi ameawo katã kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli be, “Yehowae nye Mawu! Yehowae nye Mawu vavã!”

40Tete Eliya ɖe gbe na wo be, “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Migana wo dometɔ aɖeke nasi adzo o!” Ale wolé wo eye Eliya na wokplɔ wo ɖi agae yi ɖe Kison balime eye wòwu wo le afi ma.

41Azɔ la, Eliya gblɔ na Fia Ahab be, “Yi nàdi nu nyui aɖe nàɖu elabena tsi gã aɖe ɖo gbɔna.” 42Ale Ahab ɖo kplɔ̃ gã aɖe, ke Eliya lia Karmel to la, dze klo eye wòtsɔ eƒe ta de eƒe klowo dome.

43Egblɔ na eƒe subɔla be, “Yi nàkpɔ atsiaƒu la gbɔ lɔƒo ɖa.”

Subɔla la de gbɔ va gblɔ na Eliya be, “Nyemekpɔ naneke o.”

Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàgayi, nàgayi zi adre!”

44Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.”

Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!”

45Azɔ la, lilikpowo va xe dziŋgɔli la ŋkume litii eye ahomya sesẽ aɖe he tsidzadza gã aɖe vɛ. Ahab dzo enumake yi Yezreel. 46Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El desafío en el monte Carmelo

  • Abdías, el mayordomo principal del palacio del rey Acab, mantuvo su fidelidad a Dios y escondió en secreto a cien profetas del Señor en cuevas, cincuenta por cueva, proveyéndoles alimento y agua cuando la reina Jezabel intentaba exterminarlos.Fuentes: Obadiah · Jezebel · el propio texto bíblico
  • Baal era la principal deidad masculina de los fenicios, cuyo culto se extendió en el reino del norte de Israel bajo el rey Acab y su esposa fenicia, Jezabel. La asamblea en el monte Carmelo congregó a 450 profetas de Baal frente a Elías para comprobar qué deidad respondería con fuego.Fuentes: Baal · Jezebel · Mount Carmel · el propio texto bíblico
  • El Cisón, adonde fueron llevados los profetas de Baal tras el desafío, es un torrente invernal que corre al pie del monte Carmelo hacia el mar Mediterráneo. Tras orar por lluvia en la cumbre, Elías corrió delante del carro de Acab hasta Jezreel, una importante residencia real.Fuentes: Kishon · Jezreel · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 2
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · versículos 19, 20, 42

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.