Nations Bible

1 Juan 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Vinye lɔlɔ̃awo, mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la li na mí, eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ. 2Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.

Xɔse ƒe dodokpɔwo

3Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ, eye nyateƒe mele eme o. 5Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me: 6ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.

7Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo. 8Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo. 9Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko. 10Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o. 11Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.

12Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,

Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi

Le eƒe ŋkɔ la ta.

13Meŋlɔe na mi, fofowo,

Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.

Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,

Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.

14Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,

Elabena mienya Fofo la.

Meŋlɔe na mi, fofowo,

Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.

Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,

Elabena miesẽ ŋu,

Mawu ƒe nya la le mia me,

Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.

Migalɔ̃ xexea me o

15Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o. 16Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi. 17Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le Kristo ƒe futɔ la ŋuti

18Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo. 19Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.

20Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe ami sisi le mia dzi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la. 21Nyemeŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe mi ɖe esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o. 22Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. 23Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã.

24Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la, ekema miayi edzi anɔ Vi la kple Fofo la me. 25Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la.

26Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. 27Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.

28Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o. 29Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la, ekema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Luz, amor y permanecer en Cristo

  • El autor llama a los lectores “hijitos” y también se dirige, por turno, a los niños, a los padres y a los jóvenes. A los niños les dice que sus pecados han sido perdonados y que conocen al Padre; a los padres, que conocen al que es desde el principio; a los jóvenes, que son fuertes, que la palabra de Dios permanece en ellos y que han vencido al maligno.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El autor llama al mandamiento a la vez antiguo y nuevo: es el mensaje que tienen desde el principio, y también es nuevo porque es verdadero en Jesús y en ellos, mientras las tinieblas se disipan y la luz verdadera ya brilla. Odiar al hermano, dice el capítulo, deja a la persona caminando en tinieblas; amar al hermano es permanecer en la luz.Fuentes: el propio texto bíblico
  • En este capítulo, “anticristo” no es solo la figura de cuya venida los lectores han oído hablar. El autor dice que ya han aparecido muchos anticristos, que salieron del grupo al que él llama “nosotros”, aunque no pertenecían a él, y que el anticristo es quien niega que Jesús es el Cristo y niega al Padre y al Hijo. Por esa aparición, escribe, se sabe que es la última hora.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.