1 Corintios 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nudzɔdzɔ na haxɔsetɔwo
1Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia. 2Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o. 3Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi. 4Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖekae.
Ɖoɖo siwo le Paulo si
5Mayi Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 6Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu. 7Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam. 8Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi, 9elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ.
10Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene. 11Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem le ŋutifafa me. Mele mɔ kpɔm be makpɔ eya kple nɔvi bubu siwo trɔ gbɔna la kaba. 12Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ.
13Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu. 14Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃.
15Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi. 16Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu. 17Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe. 18Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
Nuwuwugbedonamewo
19Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi.
Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me.
20Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo.
Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go.
21Nye Paulo, meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi.
22Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va!
23Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
24Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã le Kristo Yesu me. Amen.

¿Sabías que…?
La colecta, el viaje y los saludos finales
- Pablo pide a los corintios que aparten una parte de sus ingresos el primer día de cada semana para los santos, como ya había indicado a las iglesias de Galacia, de modo que no hiciera falta ninguna colecta cuando él llegara. Galacia, en Asia Menor, era hogar de pueblos de origen celta, a quienes los escritores romanos llamaban galos. La ofrenda debía ir a Jerusalén con mensajeros recomendados por la iglesia, y Pablo llegaría solo después de pasar por Macedonia, una provincia romana al norte de Grecia, y quizá pasaría el invierno con ellos.Fuentes: el propio texto bíblico
- Pablo dice que se quedará en Éfeso hasta Pentecostés, porque se le ha abierto una puerta grande para un trabajo eficaz, aunque muchos se le oponen. Las iglesias de la provincia de Asia envían saludos; esa Asia era el Asia proconsular, una provincia romana en el occidente de Asia Menor, y Éfeso era su capital. Aquila, fabricante de tiendas, natural del Ponto, y su esposa Priscila —llamada Prisca en este saludo— habían acompañado a Pablo de Corinto a Éfeso y se habían quedado allí, y la iglesia que se reúne en su casa también saluda a los corintios.Fuentes: el propio texto bíblico
- Estéfanas y los de su casa fueron los primeros convertidos de Acaya —la provincia romana que abarcaba el Peloponeso y el sur de Grecia— y se habían dedicado al servicio de los santos. El Easton's Bible Dictionary (1897) dice que Acaico, junto con Fortunato y Estéfanas, visitó a Pablo en Éfeso para consultarlo sobre los asuntos de la iglesia, y que los tres probablemente llevaron la carta de los corintios al apóstol. El mismo diccionario sitúa a Apolos con Pablo en Éfeso cuando se escribió esta carta; Pablo lo instó con insistencia a ir a Corinto con los hermanos, pero él no quiso ir entonces e iría cuando tuviera oportunidad.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Galatia · 39.267, 32.983 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 3
- Macedonia · 41.600, 22.540 · versículo 5
- Ephesus · 37.939, 27.341 · versículo 8
- Achaia · 38.720, 22.540 · versículo 15
- Asia · 38.400, 28.300 · versículo 19
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org