Nations Bible

1 Corintios 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nyagblɔɖi kple aɖe yeye nunanawo

1Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ. 2Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla. 3Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo. 4Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me.

5Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede.

6Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu. 7Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ. 8Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe? 9Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.

10Mebu be gbe vovovo geɖewo le xexea me, eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo, 11ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ. 12Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye tutuɖedzi na hame blibo la.

13Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe. 14Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o. 15Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme, 16elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o? 17Àte ŋu anɔ akpe dam vevie, gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o.

18Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe. 19Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.”

20Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me. 21Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be,

“Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo

kple ame bubuwo ƒe nuyiwo

aƒo nu kple dukɔ sia,

ke le ɣe ma ɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo tom o,

Aƒetɔ la gblɔe.”

22Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o. 23Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe. 24Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi. 25Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma.

Sɔlemewɔwɔ ƒe ɖoɖowo

26Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me. 27Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme. 28Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu le ha la me o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me, ke menye woaƒo nu sesĩe na ameha la o.

29Ale Nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ naƒo nu eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie. 30Ke nenye be ɖeɖefia aɖe va na ame siwo nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe, ana mɔ nɔvia. 31Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu. 32Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. 33Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene.

34Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene. 35Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.

36Mia gbɔe Mawu ƒe nya dze egɔme tsoa? Alo miawo gbɔ koe wòɖoa? 37Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ. 38Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me.

39Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o. 40Ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ nu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Profecía, lenguas y orden en el culto

  • Este capítulo describe el hablar en lengua como un habla dirigida a Dios, no a las demás personas: nadie entiende a quien habla, que pronuncia misterios en el Espíritu y se edifica solo a sí mismo. La profecía, en cambio, habla a las personas para su edificación, ánimo y consuelo, y así edifica a la iglesia.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El habla incomprensible se compara con instrumentos sin vida, como la flauta o el arpa cuyas notas no son distintas, y con una trompeta que da un toque apagado, de modo que nadie se prepara para la batalla. El capítulo también dice que hay muchas lenguas diferentes en el mundo y que, si alguien no conoce el sentido de la lengua de otra persona, cada uno es extranjero para el otro.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Cuando la iglesia se reúne, cada contribución — un salmo, una enseñanza, una revelación, una lengua o una interpretación — debe servir para edificar a la iglesia. Si alguien habla en lengua, dos o a lo sumo tres deben hablar por turno, y alguien tiene que interpretar; si no hay intérprete, quien habla debe guardar silencio en la iglesia y hablar solo consigo mismo y con Dios. Dos o tres profetas deben hablar, mientras los demás examinan con cuidado lo que se dice, y el primero debe callar si le llega una revelación a alguien que está sentado, pues los espíritus de los profetas están sujetos a los profetas, y Dios no es Dios de desorden, sino de paz.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.