1 Crónicas 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ame siwo nɔ Yerusalem
1Wode Israelvi ɖe sia ɖe ƒe ƒome Israel fiawo ƒe agbalẽ me pɛpɛpɛ. Woɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.
2Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
3Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem.
4Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.
5Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye:
Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade
6kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome
Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ.
7Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye:
Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi,
8Ibnea, Yeroham ƒe vi;
kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi;
kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya. 9Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade (956).
10Nunɔla siwo trɔ gbɔ la woe nye:
Yedaia, Yehoyarib, Yakin,
11Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.
12Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi.
Nunɔla bubuwoe nye:
Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi. 13Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade (1,760). Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me.
14Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye:
Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me.
15Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye:
Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi;
16kple Obadia, Semaya ƒe vi, Galal ƒe vi kple Berekia, Asa ƒe vi, ame si nye Elkana ƒe vi, ame si nɔ Netofatitɔwo ƒe anyigba dzi.
17Agbonudzɔlawoe nye:
Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ. 18Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.
19Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene.
20Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii.
21Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu. 22Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve (212). Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu.
David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo. 23Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ. 24Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe. 25Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre. 26Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo. 27Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi.
28Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe. 29Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi. 30Ke atikeʋeʋĩawo tɔtɔ nye nunɔla aɖewo ƒe dɔ. 31Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na. 32Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.
33Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.
34Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem.
Saul ƒe dzidzimeviwo
35Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon;
srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. 36Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, 37Gedor, Ahio, Zekaria kple Miklot. 38Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu.
39Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
40Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be
Meribaal eye eya hã dzi Mika.
41Mika ƒe viwoe nye:
Pitɔn, Melek, Tahrea kple Ahaz.
42Ahaz dzi Yada, ame si dzi Alemet, Azmavet kple Zimri; ame si nye Moza fofo. 43Moza dzi Binea, Refaya, Eleasa kple Azel.
44Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye:
Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.

¿Sabías que…?
El reasentamiento de Jerusalén y la restauración del servicio del templo
- 1 Crónicas 9 hace la transición de las genealogías tribales antiguas a la comunidad que repobló Jerusalén tras el exilio en Babilonia. Este grupo de retornados incluía a descendientes de Judá, Benjamín, Efraín y Manasés, junto con sacerdotes, levitas y sirvientes del templo.Fuentes: el propio texto bíblico · Babylon · Jerusalem
- El texto detalla las responsabilidades de los porteros levitas, quienes custodiaban las entradas del santuario hacia los cuatro puntos cardinales. Mientras otros levitas llegaban desde las aldeas para servir en turnos de siete días, los encargados principales custodiaban los tesoros del templo, administraban los utensilios y preparaban especias y el pan de la proposición.Fuentes: el propio texto bíblico · Shallum
- La sección final repite el linaje del rey Saúl con raíces en Gabaón, pasando por su hijo Jonatán y sus descendientes posteriores. Este registro genealógico sirve de enlace directo con el relato de la muerte de Saúl que inicia en el siguiente capítulo.Fuentes: el propio texto bíblico · Gibeon · Kish · Jonathan
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 3, 34, 38
- Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 35
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org