1 Crónicas 29
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nunanawo hena gbedoxɔ la tutu
1Fia David trɔ ɖe ameha la gbɔ azɔ hegblɔ na wo be, “Vinye Solomo, ame si Mawu tia be wòanye Israel fia yeyea la, ɖekakpui dzaa aɖe ko wònye, mekpɔ nuteƒe o, ke dɔ si dze ŋgɔe la nye dɔ gã aɖe elabena gbedoxɔ si wòatu la menye xɔ bubu aɖe ko wòanye o. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe xɔe! 2Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi. 3Azɔ esi wònye ɖe metsɔ ɖokuinye sa vɔe ɖe nye Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu ta la, metsɔ nye ŋutɔ nye kesinɔnu siwo nye sika kple klosalo kpe ɖe xɔtunu siwo medi da ɖi la ŋu hena nye Mawu la ƒe gbedoxɔ la tutu.
4“Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu 5eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?”
6Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe. 7Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika “tɔn” alafa ɖeka blaadre (170), sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo “tɔn” alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ (345) kple akɔbli “tɔn” alafa ade kple ewo (610) kple gayibɔ “tɔn” akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450). 8Wogatsɔ kpe xɔasi sɔ gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe. 9Ame sia ame kpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nununanakpekpeɖeŋunana ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fia David ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
David ƒe gbedodoɖa
10David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena,
“Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu,
woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe.
11Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,
dziɖuɖu kple gãnyenye.
Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,
míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.
12Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona;
wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula.
Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le
eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.
13Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò
eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la.
14“Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò! 15Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna. 16Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso wò ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye! 17Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ. 18Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye wò amewo ƒe didi be yewoaɖo to wò ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wò metrɔ gbeɖe o. 19Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.”
20Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume.
Woxɔ Salomo abe fia ene
21Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu. 22Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe.
Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene. 23Ale Mawu na Fia Solomo xɔ fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi nɛ ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe. 24Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome. 25Yehowa na Israelviwo katã lɔ̃e, kesinɔnu geɖewo nɔ esi eye bubu nɔ eŋu wu fofoa.
David ƒe ku
26David, Yese ƒe viŋutsu, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. 27Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. 28Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe.
29Woŋlɔ Fia David ƒe ŋutinya tsitotsito ɖe Nyagblɔɖila Samuel ƒe agbalẽ me, ɖe ŋutinya si Nyagblɔɖila Natan ŋlɔ la me kple esi Nyagblɔɖila Gad ŋlɔ la me. 30Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu.

¿Sabías que…?
La despedida de David y la coronación de Salomón
- David aportó tres mil talentos de oro de Ofir de su propio tesoro personal para la edificación del templo. Ofir era una región de la antigüedad famosa por su oro de gran pureza, vinculada según diversas tradiciones con zonas de Arabia, la India o la península de Malaca.Fuentes: el propio texto bíblico · Ophir
- El resumen del reinado de David registra cuarenta años de gobierno: siete años en la antigua ciudad montañosa de Hebrón, en el sur, seguidos de treinta y tres años en Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Hebron · Jerusalem
- El capítulo concluye citando tres fuentes históricas independientes sobre la vida de David: las crónicas del vidente Samuel, del profeta Natán y del vidente Gad, figuras clave a lo largo de la monarquía.Fuentes: el propio texto bíblico · Samuel · Nathan · Gad
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org