Nations Bible

1 Crónicas 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Agbonudzɔlawo

1Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si:

Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka. 2Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel,

3Elam, Yehohanan

kple Eliehoenai.

4Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

Semaya, Yehozabad,

Yoa, Sakar, Netanel, 5Amiel,

Isaka kple Peuletai.

Mawu yrae kple viŋutsu enyi!

6Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu. 7Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo:

Otni, Refael, Obed kple Elzabad;

Semaya ƒe ƒometɔ Elihu kple Semakia hã nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ. 8Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ. 9Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.

10Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la,

tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.

11Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia

kple Zekaria, vi enelia.

12Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me. 13Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me.

14Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu.

Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu.

15Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu,

16kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu.

17Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu,

ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu,

ene dzɔa dziehegbo la ŋu,

eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe.

18Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe.

19Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome.

Kesinɔnuwo dzikpɔlawo kple dɔnunɔla bubuawo

20Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi. 21Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, Gerson ƒe viwo dometɔ ɖeka me; Yehieli ƒe vi ƒe ƒome hã nɔ wo dome. 22Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi.

23Tso Amramitɔwo, Izharitɔwo, Hebronitɔwo kple Uzielitɔwo dome la:

24Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi. 25Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt.

26Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi. 27Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me. 28Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi.

29Wotsɔ Kenania kple viawo tso Izhar ƒe viwo dome ɖo dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.

30Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi. 31Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu.

Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaenelia me la, woto dzidzimegbalẽ la me eye wokpɔ be, Hebronitɔ siwo ŋu ŋutete nɔ la woe nye, Yazer le Gilead, 32Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ.

¿Sabías que…?

Porteros, tesoreros y oficiales

  • Las funciones de porteros en la casa de Jehová se asignaban por sorteo entre las familias de los coreítas y meraritas, sin importar la edad. Los puestos específicos incluían las puertas del Este, del Norte y del Sur, así como la puerta de Salequet junto a la calzada de subida.Fuentes: el propio texto bíblico · Shallecheth · Meshelemiah · Hosah
  • Los tesoros de las cosas dedicadas albergaban grandes riquezas, incluidos los despojos de batallas consagrados al mantenimiento de la casa de Jehová. Estos depósitos custodiaban ofrendas reunidas durante generaciones por figuras como el profeta Samuel, el rey Saúl, Abner, Joab y el rey David.Fuentes: el propio texto bíblico · Shelomith · David
  • Además del servicio en el santuario, miles de levitas actuaban como magistrados y administradores reales. En el cuadragésimo año de David, se designó a líderes hebronitas hallados en Jazer de Galaad para supervisar a las tribus al este del Jordán en asuntos sagrados y del rey.Fuentes: el propio texto bíblico · Gilead · Jazer · Jordan

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • East Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
  • North Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
  • South Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 15
  • Shallecheth · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 16
  • Parbar · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 18
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 29
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 30, 32
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 31

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.