Zechariah 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yehowa do ŋugbe be yeayra Yerusalem
1Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedeasi gava nam be,
2Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.”
3Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.”
4Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene. 5Duwo ƒe mɔtatawo dzi ayɔ fũu kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo eye woanɔ fefem kple dzidzɔ.”
6Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ɣe ma ɣi la, adze nu si wɔ nuku na ame ʋɛ siwo susɔ, ke nye ya la, ɖe wòawɔ nuku nama?”
7Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me. 8Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.”
9Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu. 10Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti. 11Ke azɔ la, nyemawɔ na ame siwo susɔ la abe ale si mewɔ na amewo va yi ene o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
12“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene. 13Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”
14Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Abe ale si meɖoe kplikpaa be mahe tsɔtsrɔ̃ va mia dzii, eye nyemakpɔ nublanui o, esi mia fofowo do dɔmedzoe nam ene la,” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, 15“nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o. 16Esiawoe nye nu siwo miawɔ: mito nyateƒe na mia haviwo, mitso afia si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le miaƒe ʋɔnuwo. 17Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi ŋuti o, eye atam dzodzro kaka megado dzidzɔ na wò o, elabena metsri nu siawo.” Yehowae gblɔe.
18Esia hã nye gbedeasi bubu si va nam tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ:
19Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”
20Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Ame geɖewo kple ame siwo tso du geɖewo me le mɔ dzi gbɔna, 21eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’ 22Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.”
23Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”

Did you know?
The Restoration and Future Blessing of Jerusalem
- Zechariah prophesied around 519 BC to encourage the Jewish remnant that had returned to rebuild the temple in Jerusalem after years of hardship and conflict.Sources: Prophecies of Zechariah · the Bible text itself
- The prophecy envisions Jerusalem—historically associated with Mount Zion—transformed from a vulnerable ruins into a thriving, secure city where both the elderly with walking staffs and playing children fill the streets.Sources: Jerusalem · Zion · the Bible text itself
- The traditional fasts observed in the fourth, fifth, seventh, and tenth months were declared to become joyful feasts, anticipating a time when people from many foreign nations would seek God in Jerusalem.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 3, 4, 8, 15, 20, 21, 22
- Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 3
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org