Nations Bible

Zechariah 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be

dzo nabi wò sedatiwo!

2Mifa avi, O logotiwo

elabena sedati mu dze anyi,

ati gãwo tsrɔ̃!

Mi ati sesẽ siwo le Basan,

mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!

3Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa,

elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃.

Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃,

elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”

Alẽkplɔlawo ƒe ha eveawo

4Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu. 5Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o, 6elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.”

7Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta. 8Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa.

Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam. 9Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”

10Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo. 11Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya.

12Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.

13Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.

14Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.

15Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu, 16elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.

17“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la,

ame si gblẽ alẽha la ɖi!

Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku!

Eƒe abɔ nedzo ɖo agu,

eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”

Did you know?

The Two Staffs and the True Shepherd

  • The opening lament evokes celebrated regions across the region, mourning the destruction of the magnificent cedars of the Lebanon mountain range, the oak forests of Bashan, and the lush thickets along the Jordan River.Sources: the Bible text itself · Lebanon · Bashan · Jordan
  • Zechariah enacts a prophetic sign by shepherding a flock with two symbolic staffs, named Favor and Union. He eventually breaks both staffs to portray the annulment of a covenant with the nations and the fracture of brotherhood between Judah and Israel.Sources: the Bible text itself
  • When the prophet asks for his wages for pasturing the flock, he is weighed thirty pieces of silver. Following the Lord's instruction, he throws this payment to the potter in the house of the Lord.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 1
  • Bashan · 32.781, 35.935 · verse 2
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 3

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.