Titus 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ale si wòle be Kristotɔ nanɔ agbee
1Ɖo ŋku edzi na wò ameawo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo, eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣe sia ɣi. 2Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame.
3Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí. 4Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, 5eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. 6Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, 7ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. 8Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
9Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ. 10Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o, 11elabena ame ma tɔgbi medaa asi ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm, eye eya ŋutɔ nya nenema.
Dzesidenya mamlɛawo
12Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me. 13Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo.
14Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o.
15Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie.
Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me.
Amenuveve nanɔ kpli mi katã.

Did you know?
Saved for Good Works
- Paul asks Titus to come to him at Nicopolis, where he has decided to spend the winter. Easton's Bible Dictionary (1897) says that Nicopolis means "city of victory," and that the city meant here was most probably the one in Epirus, built by Augustus Caesar to commemorate his victory at the battle of Actium in 31 B.C. The subscription at the end of the letter calls it "Nicopolis of Macedonia," but the dictionary regards that identification as probably incorrect.Sources: Nicopolis · the Bible text itself
- So that Titus can leave, Paul plans to send either Artemas or Tychicus. Easton's Bible Dictionary (1897) calls Tychicus an Asiatic Christian and a "faithful minister in the Lord," who traveled with Paul and is also described as having been with him at Rome, from where Paul sent him to Ephesus. Of Artemas, the same dictionary records only the name.Sources: Tychicus · Artemas · the Bible text itself
- Paul also asks Titus to equip Zenas the lawyer and Apollos so that they will have everything they need. Easton's Bible Dictionary (1897) knows Zenas only as a disciple called "the lawyer," and says that nothing more is known of him. Apollos, it records, was a Jew born in Alexandria, eloquent and well versed in the Scriptures, whom Aquila and Priscilla instructed more fully before he went on to Corinth.Sources: Zenas · Apollos · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Nicopolis · 39.023, 20.737 · verse 12
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org