Ruth 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Boaz ɖe Rut
1Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.”
2Wonɔ anyi, eye Boaz yɔ dua ƒe ame tsitsiwo be woava nɔ anyi abe ɖasefowo ene. 3Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram, 4eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.”
5Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.”
6Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.”
7Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ.
8Ale ŋutsu la ɖe eƒe afɔkpa esi wògblɔ na Boaz be, “Wò ŋutɔ àte ŋu aƒlee faa.”
9Ale Boaz gblɔ na ɖasefoawo kple ame siwo nɔ tsitre ƒo xlã wo la be, “Miekpɔ be egbe, eya ta meƒle Elimelek, Kilion kple Maxlon ƒe nuwo katã le Naomi si, 10eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.”
11Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem. 12Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.”
David ƒe dzidzimegbalẽ
13Ale Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi. 14Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, “Woakafu Yehowa, ame si megblẽ wò ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me, 15nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”
16Naomi xɔ ɖevi la da ɖe atata, eye wòkpɔ edzi. 17Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo. 18Perez ƒe dzidzimeviwo yi ale:
Perez dzi Hezron,
19Hezron dzi Ram,
Ram dzi Aminadab, eye
20Aminadab dzi Nahson,
Naheson dzi Salma,
21Salma dzi Boaz,
eye Boaz dzi Obed,
22Obed dzi Yese,
eye Yese dzi David.

Did you know?
Redemption at the Gate and the Lineage of David
- In ancient Israel, legal transactions such as property redemption were conducted publicly at the city gate before elders and witnesses. Removing and handing over a sandal served as a customary legal act to confirm the transfer of redemption rights.Sources: the Bible text itself · Ruth
- By acquiring the land of Elimelech and his sons, Boaz also undertook the obligation to marry Mahlon's widow, Ruth the Moabitess, in order to preserve the name of the deceased on his ancestral inheritance.Sources: the Bible text itself · Boaz · Mahlon · Elimelech
- The child born to Ruth and Boaz, named Obed, became the grandfather of King David, placing Ruth, a foreigner from Moab, into the royal genealogy descending from Perez.Sources: the Bible text itself · Obed · David · Pharez
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verse 3
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · verse 11
- Ephrathah · Today: Bethlehem · 31.704, 35.208 · verse 11
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org