Romans 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Israel ƒe domenyinyi
1Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 2be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi. 3Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe.
4Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen.
6Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. 7Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.” 8Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.
9Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.”
10Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. 11Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”; 13abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.”
14Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe! 15Elabena egblɔ na Mose be,
“Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na la,
eye nye dɔ me atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔ me atrɔ ɖo la.”
16Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso. 17Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.” 18Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la.
19Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?” 20Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?” 21Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã?
22Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, 24mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome? 25Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be,
“Mayɔ ame siwo menye nye amewo o la be ‘nye amewo’;
eye mayɔ ame siwo menye nye lɔlɔ̃tɔwo o la be ‘nye lɔlɔ̃tɔwo.’
26Wogblɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu tsã be,
“Menye nye amewo mienye o.”
Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu gbagbe la ƒe viwo.”
27Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be,
“Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la,
wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.
28Elabena Aƒetɔ la atso nya me le anyigba la ŋuti,
eye wòawu eƒe wɔnawo nu kaba le dzɔdzɔenyenye me.”
29Yesaya gagblɔ be:
“Ne menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye
susɔ dzidzime ʋɛ aɖewo ɖi o la,
ne míetsrɔ̃ abe Sodom
kple Gomora ene.”
Israel ƒe dzimaxɔse
30Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã. 31Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la. 33Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be,
“Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion.
Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi.
Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”

Did you know?
Israel and the Children of the Promise
- These verses argue that God's word has not failed: not all who are descended from Israel are Israel, and not all of Abraham's descendants are his children. Isaac was Abraham's only son by Sarah, and the promise quoted here follows that line: offspring would be reckoned through Isaac, and at the appointed time Sarah would have a son. The name Sarah, meaning princess, was given when it was announced that she would be the mother of the promised child.Sources: the Bible text itself · Isaac · Sarah
- The argument then turns to Rebecca's twins, conceived by one man, Isaac. Esau, the first-born, was also called Edom, "red," from the red lentil pottage for which he sold his birthright; Jacob, the younger, bears a name meaning one who follows on another's heels, or supplanter. Before the twins were born or had done anything good or bad, Rebecca was told that the older would serve the younger, and it is written, "Jacob I loved, but Esau I hated."Sources: the Bible text itself · Esau (Edom) · Jacob (Israel)
- Isaiah, the son of Amoz, is quoted about a remnant: though the Israelites were like the sand of the sea, only the remnant would be saved, and without descendants left by the Lord of Hosts they would have become like Sodom and resembled Gomorrah. Sodom, a city in the vale of Siddim, was destroyed by fire from heaven, a destruction this chapter recalls, and no trace of it or of the other cities of the plain has been found. The chapter ends with a stumbling stone laid in Zion, the south-eastern hill of Jerusalem, which David took from the Jebusites, where he built a citadel and a palace, and which became the city of David.Sources: the Bible text itself · Isaiah · Sodom · Zion
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 33
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org