Nations Bible

Romans 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Srɔ̃ɖeɖe abe kpɔɖeŋu ene

1Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele nu ƒom na ame siwo nya se la; ɖe mienyae bena ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã?

2Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. 3Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o.

4Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu. 5Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku. 6Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o.

Nu vɔ̃ kple se la

7Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.” 8Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku.

9Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku. 10Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ. 11Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam. 12Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.

13Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ.

Ame ƒe ʋiʋli le ememe ke

14Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. 15Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna. 16Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo. 17Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.

18Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. 19Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna. 20Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm.

21Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam. 22Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me; 23gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la. 24O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me? 25Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.

Did you know?

The Law's Authority and the Inner Conflict

  • This chapter says that the law has authority over a person only as long as that person lives. It explains this with marriage: a woman is bound by law to her husband while he lives, but if he dies she is released from the law of marriage and is not called an adulteress even if she marries another man. The writer then says that his brothers also died to the law through the body of Christ, so that they might belong to the one raised from the dead, bear fruit to God, and serve in the new way of the Spirit, and not in the old way of the written code.Sources: the Bible text itself
  • When the writer asks whether the law is sin, he answers, "Certainly not!" He says he would not have been aware of coveting if the law had not said, "Do not covet," and that sin, seizing its opportunity through the commandment, produced in him every kind of covetous desire. He calls the law holy, and the commandment holy, righteous, and good, while saying that sin produced death in him through what was good, so that sin might be exposed as sin and become utterly sinful.Sources: the Bible text itself
  • The writer says the law is spiritual, but that he is unspiritual, sold as a slave to sin: he does not do the good he wants, and he keeps doing the evil he hates. In his inner being he delights in God's law, yet another law at work in his body wars against the law of his mind and holds him captive to the law of sin that dwells within him. He asks who will rescue him from this body of death, gives thanks to God through Jesus Christ our Lord, and concludes that with his mind he serves the law of God, but with his flesh he serves the law of sin.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.